Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 8:2 - Agbenya La

2 Nyɔnu aɖe si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃wo le kple esiwo ŋu wòda gbe le la kplɔ wo ɖo. Wo dometɔ aɖewoe nye Maria Magdalatɔ ame si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃ adre le,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 kple nyɔnua ɖewo, amesiwo wòɖe tso gbɔgbɔ vɔ̃wo kple dɔlélewo me: Maria, si woyɔna be Magdalene, amesi me gbɔgbɔ vɔ̃ adre do go le

Onani mutuwo Koperani




Luka 8:2
11 Mawu Ofanana  

Nukunu gã geɖe siwo wɔm wònɔ la kaka ɖe teƒewo katã va se ɖe keke Galilea ƒe mlɔenu ke. Ale dɔnɔwo tso kekeke Siria ke hã tɔ ɖɔɖɔɖɔ va egbɔ be wòada gbe le yewo ŋu. Eyɔ dɔ dɔ ɖe sia ɖe lélawo, eɖanye lãmevee, tsukuku, lãmetutu, kpeŋui, gbɔgbɔ vɔ̃ nɔ ame me o, eda dɔ siawo katã.


Le fiẽ me, esi Dzudzɔgbe ŋkeke la wu enu la, Maria Magdalatɔ, Salome kple Maria Yakobo dada woyi ɖaƒle ami ʋeʋĩ si wosina na ame kuku be magblẽ kaba o la da ɖi.


Kɔsiɖagbe ƒe ŋdi kanyae Yesu fɔ tso ame kukuwo dome eye ame gbãtɔ si kpɔe lae nye Maria Magdalatɔ, ame si me wònya gbɔgbɔ vɔ̃ adre do goe le.


Ameha gã aɖe kplɔe ɖo hoo, eye nyɔnu geɖewo nɔ avi fam ɖe eŋu le wo dome.


Ke eƒe ame nyanyɛwo katã kple nyɔnu siwo dze eyome tso Galilea la tsi tsitre ɖe adzɔge ke le nu siawo kpɔm.


Esi Yosef kɔ ame kukua yina ɖiɖi ge la, nyɔnu siwo tso Galilea va la kplɔe ɖo, eye woyi ɖakpɔ afi si wòɖii ɖo.


Yesu bia gbɔgbɔ vɔ̃a be, “Ŋkɔwò ɖe?” Eɖo eŋu nɛ be, “Ŋkɔnyee nye Legio,” elabena gbɔgbɔ vɔ̃ geɖe yi eme.


Nyɔnu aɖewo tsi tsitre ɖe atitsoga la gbɔ. Woawoe nye Yesu dada, Yesu dada nɔvi si woyɔna be Maria, Kleopa srɔ̃ kple Maria si tso Magdala la.


Wonɔ gbedodoɖa dzi atraɖii kple nyɔnu siwo nɔ wo ŋu kpakple Yesu dada Maria kple Yesu nɔviŋutsuwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa