Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 7:44 - Agbenya La

44 Azɔ Yesu trɔ ɖe nyɔnu la ŋu, eye wògblɔ na Simɔn be, “Èle nyɔnu sia kpɔma? Esi meva aƒewò me la, mèna tsim be maklɔ ɖi le nye afɔwo ŋu o, ke nyɔnu sia klɔ wo kple eƒe aɖatsiwo, eye wòtsɔ eƒe taɖa tutu woe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

44 Eye esi wòtrɔ ɖe nyɔnua gbɔ la, egblɔ na Simon bena: Ele nyɔnu sia kpɔma? Meva aƒewò me, eye mèna tsim be, maklɔ nye afɔwo ŋuti o, ke eya la fa aɖatsi ɖe nye afɔwo dzi, eye wòtsɔ eƒe taɖa hetutu wòe.

Onani mutuwo Koperani




Luka 7:44
11 Mawu Ofanana  

Mina woaku tsi vi aɖe vɛ miaklɔ afɔe, eye miaɖi ɖe eme sẽe le ati sia te,


Egblɔ na wo be, “Nye amegãwo, miva dze gbɔnye le zã sia me, eye miaklɔ miaƒe afɔwo ŋu. Miate ŋu ayi miaƒe mɔzɔzɔ dzi etsɔ ŋdi kanya.” Wogblɔ be, “Ao, akpe na wò, míadzudzɔ le ablɔ dzi le afi sia ko.”


Azɔ wokplɔ wo yi Yosef gbɔ le fiasã la me. Wona tsi wo be woaklɔ afɔ, eye wona nuɖuɖu woƒe tedziwo.


Emegbe la, David gblɔ na Uria be wòayi aɖagbɔ ɖe eme le eƒe aƒe me eye wòɖo nunana aɖe ɖee.


Etsi tsitre ɖe Yesu ŋgɔ le eƒe afɔ nu, eye wòfa aɖatsi kɔ ɖe eƒe afɔwo dzi va se ɖe esime afɔawo ƒo tsi. Eya megbe la, etsɔ eƒe taɖa tutu Yesu ƒe afɔwoe. Azɔ egbugbɔ afɔawo, eye wòʋu nu le amiʋeʋĩ la nu hesi na wo.


Simɔn ɖo eŋu be, “Mebu be ame si wòtsɔ ga home gãtɔ kee lae alɔ̃e wu.” Yesu gblɔ nɛ be, “Pɛ, èɖo nyaa ŋu nyuie ŋutɔ.”


Etsɔ gagba ku tsi ɖe eme, eye wòde asi nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo kɔklɔ me. Ne eklɔ ame aɖe tɔ vɔ la, etsɔa tsiletsɛ si wòsa ɖe ali la tutua afɔ nɛ.


Ele be wòakpɔ ɖaseɖiɖi nyui le amewo katã gbɔ le eƒe dɔ nyui wɔwɔ me. Le kpɔɖeŋu me, ame si hea viawo nyuie, lɔ̃a amedzrowɔwɔ, klɔa ame kɔkɔewo ƒe afɔwo, kpena ɖe ame siwo ɖo xaxa me la ŋu, eye wòƒoa eɖokui ɖe dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ me.


Ke miawo la, miedoa vlo ame dahewo. Ɖe menye kesinɔtɔwoe le mia bam oa? Alo menye woawo kee hea mi yia ʋɔnudrɔ̃ƒewo o mahã?


Ŋutsu tsitsi la kplɔ wo yi aƒe mee, ena nuɖuɖu woƒe tedziwo. Esi woklɔ woƒe afɔwo vɔ la, woɖu nu eye wono nu.


elɔ̃ ɖe eƒe biabia la dzi enumake. Tete wòtsi tre, eye wòtsyɔ mo anyi gblɔ be, “Wò dɔlanyɔnu aklɔ eƒe aƒetɔ ƒe dɔlawo ƒe afɔ ŋu abe kosi ene.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa