Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 7:40 - Agbenya La

40 Yesu nya nu si bum Farisitɔ la nɔ, eya ta eyɔe be, “Simɔn, nya aɖe le asinye medi be magblɔ na wò.” Simɔn gblɔ nɛ be, “Enyo, Nufiala, gblɔe mase.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

40 Eye Yesu xɔ dzi gblɔ nɛ bena: Simon, nyaa ɖe le asinye, be magblɔ na wò. Eye wògblɔ bena: Nufiala, gblɔe.

Onani mutuwo Koperani




Luka 7:40
16 Mawu Ofanana  

Le nyateƒe me la, meva be maɖe kuku na wò, nàve nunye le mɔ tɔxɛ aɖe nu.” Batseba biae be, “Nu kae?”


Nye amewo vaa gbɔwò abe ale si wowɔna ɖaa ene, wonɔa anyi ɖe ŋgɔwò be yewoase wò nyawo, gake womewɔa wò nyawo dzi o. Wofiaa nyadziwɔwɔ kple woƒe nuyiwo, ke woƒe dzi klẽa ŋu ɖe viɖe ƒoɖiwo ŋu.


“Viŋutsu dea bubu fofoa ŋuti eye kluvi ɖoa bubu na eƒe aƒetɔ; ekema ne nyee nye mia fofo la, afi ka nye bubu le? Ne nye nyee nye miaƒe Aƒetɔ la, nu ka ta mievɔ̃am o? Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “O, mi nunɔlawoe ƒo ɖi nye ŋkɔ. “Gake mieɖe ɖeklemi be, ‘Ɣe ka ɣi míeƒo ɖi wò ŋkɔ kpɔ?’


Yuda zɔ tẽe yi ɖe Yesu gbɔ gblɔ nɛ be, “Medo gbe na wò, Nufiala,” eye wògbugbɔ nu nɛ.


Ame geɖewo agblɔ nam le ŋkeke ma dzi be, ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ, ɖe menye wò ŋkɔ mee míegblɔ nya ɖi le, míenya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le, eye míewɔ nukunu geɖewo le oa?’


Gbe ɖeka la, Yudatɔwo ƒe kplɔla ɖeka biae be, “Nufiala nyui, nu ka tututu wòle be mawɔ hafi ate ŋu anyi agbe mavɔ dome?”


Yesu nya nu si ŋu bum wonɔ, eya ta eɖo ŋu na wo be, “Aleke wɔ nuwɔna sia ɖe fu na miaƒe susuwo alea?


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Menye lãmesesẽtɔwoe hiã gbedala o, ke boŋ dɔnɔwoe.


Yesu nya nu si bum ame siawo nɔ xoxoxo, gake egblɔ na ŋutsua be, “Tso va nɔ tsitre ɖe afii be ame sia ame nakpɔ wò.” Ŋutsu la tso ɖe tsitrenu abe ale si wògblɔ nɛ ene.


Farisitɔ si kpe Yesu la kpɔ nu si nɔ edzi yim, eye esi wòdze si ame si ƒomevi nyɔnu sia nye ta la, egblɔ le eɖokui me be, “Esia fia be Yesu menye nyagblɔɖila aɖeke o, elabena nenye be Mawue dɔe vavã la, anya ame si ƒomevi nyɔnu sia nye; elabena nu vɔ̃ wɔla wònye.”


Yesu gblɔ ŋutinya sia nɛ be, “Ŋutsu aɖe do ga sidi akpe ewo na ame aɖe, eye wòdo sidi akpe ɖeka na ame bubu.


Miawo la, mieyɔam be, ‘Aƒetɔ’ kple ‘Nufiala’, eye esia le eme vavã.


Yesu nya be nusrɔ̃lawo di be yewoabia nya siwo yegblɔ la ƒe gɔmeɖeɖe, eya ta egblɔ na wo be, “Nya siwo megblɔ la ƒe gɔmeɖeɖe biam miele mia nɔewo, esi megblɔ be esusɔ vie miagakpɔm o kple esusɔ vie miagakpɔma?


Azɔ la, míenyae bena ènya nu sia nu, eye megahiã be ame aɖeke nabia nya wò o. Esia ta míexɔe se be, Mawu gbɔ nètso va.”


Eva Yesu gbɔ le zã me, eye wògblɔ nɛ be, Nufiala, menya be nufialae nènye tso Mawu gbɔ va. Elabena ame aɖeke mate ŋu awɔ dzesi wɔnuku siwo nèwɔna, ne Mawu meli kplii o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa