Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 7:34 - Agbenya La

34 Ke nye Amegbetɔ Vi la, meɖua nu, noa nu, eye miawo ke miegblɔ tso ŋunye be, nutsuɖula kple ahatsunolae wònye, eye wòdea ha kple nu vɔ̃ wɔlawo.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Amegbetɔvi la va, ɖua nu, noa nu, eye miegblɔ bena: Nutsuɖula kple ahatsunola, nudzɔlawo kple nuvɔ̃wɔlawo ƒe xɔlɔ̃.

Onani mutuwo Koperani




Luka 7:34
13 Mawu Ofanana  

Ke nye Amegbetɔ Vi la, meɖua nu, noa nu, eye miawo ke miegblɔ tso ŋunye be, ‘Nutsuɖula kple ahatsunolae wònye, eye wòdea ha kple nu vɔ̃ wɔlawo!’ Ke Mawu ƒe nunya tsoa afia na eɖokui to eƒe nuwɔnawo me.”


Ne mielɔ̃a ame siwo lɔ̃a mi ɖeɖe ko la, wɔwui ka miewɔ? Ɖe nudzɔlawo gɔ̃ hã mewɔna nenema oa?


Farisitɔwo kpɔ esia, ale wobia Yesu ƒe nusrɔ̃lawo be, “Nu ka ta miaƒe nufiala dea ha kple dugadzɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo, eye woɖua nu kple wo hã ɖo?”


Esi Yesu wu nya siawo gbɔgblɔ nu la, Farisitɔ aɖe kpee be wòava ɖu nu le ye gbɔ, ale wòyi ɖe egbɔ henɔ anyi ɖe kplɔ̃a ŋu.


Gbe ɖeka le Dzudzɔgbe dzi, Yesu yi nuɖuƒe le Farisitɔwo ƒe amegã aɖe ƒe aƒe me, eye wonɔ ŋku lém ɖe eŋu vevie.


Esia na Farisitɔwo kple agbalẽfialawo galĩ liʋĩliʋĩ geɖe le Yesu ŋu, elabena wobu be edea ha kple nu vɔ̃ wɔlawo, heɖua nu kpli wo gɔ̃ hã.


Nu sia medzɔ dzi na ameha la o. Wolĩ liʋĩliʋĩ gblɔ be, “Eyi be yeadze nu vɔ̃ wɔla gã sia ƒe aƒe me.”


Eteƒe medidi o, Levi ɖo kplɔ̃ na Yesu, eye wòkpe etɔ nudzɔla bubuwo hã ɖe kplɔ̃ sia ŋu le eƒe aƒe me.


Yohanes Mawutsidetanamela tsia nu dɔna, eye menoa wain o, ke miegblɔ be, ‘Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme.’


Miebuna be miaƒe nuwɔnawo dze, ke Mawu ƒe nuwɔnawoe nye nyateƒe le ame siwo xɔa edzi sena la gbɔ.”


Eva eme be Farisitɔ aɖe kpe Yesu be wòava ɖu nu kple ye. Esi wonɔ kplɔ̃a ŋu la,


Woɖo fiẽnuɖukplɔ̃ na Yesu le afi sia. Marta subɔ Yesu le kplɔ̃ la ŋu. Lazaro hã nɔ kplɔ̃a ŋu kple Yesu.


Wokpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo hã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa