Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 7:27 - Agbenya La

27 Eyae nye ame si ŋu woƒo nu tsoe le mawunya me be, “ ‘Mele nye dɔla dɔ ge ɖa wòava do ŋgɔ na wò be, wòadzra wò mɔ la ɖo.’

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Esia enye amesi ŋuti woŋlɔ ɖo bena: „Kpɔ ɖa, mele ye dɔla dɔm ɖe ŋgɔwò, amesi adzra wò mɔ la ɖo le ŋgɔwò.“

Onani mutuwo Koperani




Luka 7:27
10 Mawu Ofanana  

Ame si le ɣli dom le gbea dzi ƒe gbe enye esi: “Midzra Yehowa ƒe mɔ ɖo le gbegbe. Mita mɔ dzɔdzɔe ɖe gbedadaƒo na miaƒe Mawu la.


“Kpɔ ɖa, madɔ nye dɔla ɖo ɖa be wòata mɔ le ŋgɔnye eye Aƒetɔ si miele mɔ kpɔm na la ado ɖe eƒe gbedoxɔ me zi ɖeka kpoyi. Dɔla si ŋugbe wodo le nubabla la me, si dim miele la ava.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.


Eyae nye ame si ŋu woƒo nu tsoe le mawunya me be, “ ‘Mele nye dɔla dɔ ge ɖa wòava do ŋgɔ na wò be, wòadzra wò mɔ la ɖo.’


Abe ale si woŋlɔe ɖi le Nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ me ene be, “Madɔ nye dɔla ɖe ŋgɔwò be wòadzra wò mɔ la ɖo,


“Ke wò, vinye, woayɔ wò be Dziƒoʋĩtɔ la ƒe Nyagblɔɖila, elabena àdze Aƒetɔ la ŋgɔ be nàdzra mɔ ɖo ɖi nɛ,


Ekema nu ka miedo go ɖakpɔ? Nyagblɔɖila aɖea? Ɛ̃, gake mele egblɔm na mi be ewu nyagblɔɖila gɔ̃ hã.


Le ame siwo nyɔnuwo dzi dome la, ɖeke mewu Yohanes o; gake ame suetɔ kekeake si le mawufiaɖuƒea me la kɔ wu eya amea!”


Yohanes ɖo eŋu na wo kple Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya siawo be, “Nyee nye ame si le ɣli dom le gbea dzi ƒe gbe be, ‘Midzra Yehowa ƒe mɔ la ɖo wòanɔ dzɔdzɔe.’ ”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa