Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 7:2 - Agbenya La

2 Romatɔwo ƒe aʋafia gã si nɔ du ma me la ƒe dɔla si gbɔ melɔ̃a nu le o la dze dɔ vevie, eye wòɖo kudo nu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Eye aʋafiaa ɖe ƒe dɔla, si nye ame vevi nɛ la, le dɔ lém ɖo kudo nu.

Onani mutuwo Koperani




Luka 7:2
24 Mawu Ofanana  

“Yehowa Mawu, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu, meda akpe na wò be nève nye aƒetɔ nu, eye nèwɔ wò ŋugbedodo dzi nɛ be nèkplɔm tẽe va do ɖe nye aƒetɔ ƒe ƒometɔwo dome.”


Eteƒe medidi o la, Debora, ame si kpɔ Rebeka dzi le ɖevime la ku, eye woɖii ɖe ati gã aɖe si le balime si le Betel ƒe anyigbe lɔƒo la te. Tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa teƒe ma be, “Konyifafa ƒe ati.”


“Nenye be mezɔ le aʋatsokaka me alo nye afɔ ɖe abla ɖe amebeble ŋuti la,


Ne ŋutsu aɖe wɔ vi na eƒe subɔviŋutsu tso eƒe ɖevime la, ahe nuxaxa vɛ le nuwuwua.


Esi asrafo siwo klãe ɖe atia ŋuti kple woƒe amegãwo kpɔ nu siwo va dzɔ kple ale si anyigba ʋuʋui la, ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ lé wo, eye wogblɔ be, “Ame sia nye Mawu ƒe Vi vavã.”


Esi Romasrafo siwo klã Yesu ɖe ati ŋu la ƒe amegã kpɔ nu si dzɔ la, vɔvɔ̃ ɖoe, ale wòkafu Mawu gblɔ be, “Le nyateƒe me, ame sia medze agɔ aɖeke o.”


Esi Yesu wu eƒe mawunyagbɔgblɔ la nu la, etrɔ yi Kapernaum dua me.


Aʋafia la se Yesu ŋkɔ, eya ta edɔ Yudatɔ ŋkuta aɖewo ɖe egbɔ be woaɖe kuku nɛ be wòava da gbe le dɔla sia ŋu na ye.


elabena vinyɔnuvi ɖeka hɔ̃ si le ye si si xɔ ƒe wuieve la le kudɔ ƒom. Yesu dze eyome enumake, gake ameha la mimii ɖo.


Ŋutsu aɖe nɔ Kaesarea si ŋkɔe nye Kornelio. Enye aʋafia le asrafoha si woyɔna be Italia Hatsotso la me.


Esi mawudɔla la dzo teti ko la, Kornelio yɔ eƒe subɔla eve kple eya ŋutɔ ƒe asrafowo dometɔ ɖeka, ame si hã vɔ̃a Mawu la,


Asrafo sia yi eƒe amegã gbɔ enumake ɖagblɔ nɛ be, “Amegã, nu kae nye esia nèbe yeawɔ? Mènya be ame sia la Romatɔ wònye hafi nèbe woaƒoe oa?”


Paulo yɔ asrafowo dometɔ ɖeka, eye wòbia tso esi be wòakplɔ ɖekakpui la yi asrafoawo ƒe amegã gbɔe, elabena nya aɖe le esi wòdi be yeagblɔ nɛ.


Mlɔeba la, woɖoe be míadze mɔ ayi Italia kple tɔdziʋu. Wotsɔ Paulo kple gamenɔla bubu aɖewo de asi na Yulio si nye Kaisaro ƒe asrafowo ƒe amegã ɖeka be wòakplɔ wo ayii dedie.


Le ŋkeke evea gbe la, míeva ɖo Sidon. Asrafoawo ƒe amegã, Yulio nyo dɔ me na Paulo, ale be wòɖe mɔ nɛ wòɖi tsa de dua me ɖakpɔ xɔlɔ̃awo ɖa, eye wodi eƒe nu hiahiã aɖewo nɛ.


Ke le esi woƒe amegã, Yulio di be yeaɖe Paulo ƒe agbe ta la, melɔ̃ ɖe woƒe susu si wodo ɖa la dzi o. Ke boŋ eɖe gbe be ame siwo nya tsiƒuƒu la nadze agbagba aƒu tsi ayi gota.


Mi kluviwo la, miɖo to miaƒe anyigbadziƒetɔwo ɣe sia ɣi; menye to ameŋkumenuwɔwɔ me o, ke boŋ miawɔe ɣe sia ɣi, ne miaƒe aƒetɔwo meli o hã. Miɖo to wo le dzimekɔkɔ kple Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa