Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 7:14 - Agbenya La

14 Yesu te ɖe amekukuɖaka la ŋu, eye wotɔ asii, enumake ame siwo tsɔ aɖaka la tɔ ɖe tsitre. Azɔ egblɔ na ame kukua be, “Ɖekakpui, tsi tsitre.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye esi wote va la, ede asi aɖaka la ŋuti; eye etsɔlawo tɔ ɖe tsitre. Eye wògblɔ bena: Ɖekakpui, mele egblɔm na wò bena: Tsi tre!

Onani mutuwo Koperani




Luka 7:14
20 Mawu Ofanana  

Eliya dra ɖe ɖevi la dzi zi etɔ̃ eye wòdo ɣli na Yehowa, be, “Oo, Yehowa, nye Mawu, na be ɖevi sia ƒe agbe natrɔ ava eme!”


Yehowa se Eliya ƒe gbedodoɖa, ale ɖevi la ƒe gbɔgbɔ gbugbɔ va eme eye wòtsi agbe.


nenemae amegbetɔ mlɔa anyie eye megafɔna o va se ɖe esime dziƒo nu ava yi. Amegbetɔwo magafɔ alo anyɔ tso woƒe alɔ̃dɔdɔ me o.


Ne ame ku la, ɖe wòaganɔ agbea? Le nye ɣeyiɣi sesẽwo me hã, manɔ nye yeyewɔwɔ ƒe ŋkeke la lalam.


Elabena eƒo nu, eye wòva dzɔ; eɖe gbe, eye wòli ke goŋgoŋgoŋ.


Ke ame siwo ku le mewò la anɔ agbe; woƒe ŋutilãwo atsi tsitre. Mi ame siwo mlɔ ke me, minyɔ, eye miado dzidzɔɣli. Miaƒe ahũ le abe esi dzana le ŋdi la ene. Anyigba aɖe eƒe ame siwo ku la ɖe go.


Yesu lé ɖevi la ƒe alɔnu, eye wòdo ɣli gblɔ nɛ be “Talita kumi!” (si gɔmee nye be, “Nyɔnuvi sue, mele egblɔm na wò be fɔ!”).


Esi Aƒetɔ la kpɔ ahosia la, eƒe nu wɔ nublanui nɛ ŋutɔ, eya ta egblɔ nɛ be, “Mègafa avi o!”


Enumake ɖekakpui la fɔ henɔ alinu, eye wòde asi nuƒoƒo me na ame siwo nɔ egbɔ la; ale Yesu kplɔe de asi na dadaa.


Nukunu si Yesu wɔ gbe ma gbe la kaka ɖe Yudea bliboa katã kple nuto siwo ƒo xlã Yudea la me.


Yesu gblɔ nɛ be, “Nyee nye Tsitretsitsi la kple Agbe la. Ame si xɔa dzinye sena la, togbɔ be aku hã la, aganɔ agbe;


Abe ale si Fofo la fɔa ame kukuwo ɖe tsitre, eye wònaa agbe wo ene la, nenema ke Vi la hã ana agbe ame siwo wòdi be yeana la.


Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be ɣeyiɣi aɖe gbɔna, eye eva hã xoxo, esime ame kukuwo ase Mawu ƒe Vi la ƒe gbe, eye ame siwo asee la anɔ agbe.


Abe ale si Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe la gblɔ ene be: “Meɖo wò dukɔ geɖewo fofo.” Eyae nye mía fofo le Mawu ŋkume, ame si dzi wòxɔ se, Mawu, ame si naa agbe ame kukuwo, eye wòyɔa nu siwo meli o la abe ɖe woli ene.


Elabena enye ŋukpe be tomaɖolawo naƒo nu le woƒe vivimenuwɔnawo ŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa