Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 6:7 - Agbenya La

7 Esi wònye Dzudzɔgbe ŋkeke dzie ta la, agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ɖe ŋku ɖe edzi gãa henɔ ekpɔm be ada gbe le amea ŋu le ŋkekea dzi hã. Wonɔ ŋku lém ɖe eŋu elabena wodi be wòawɔ vodada aɖe be yewoatsɔ nya ɖe eŋu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Ke agbalẽfialawo kple farisitɔwo le ŋudzɔ nɛ be, ɖewohĩ ada gbe le eŋu le Sabat dzi, bena yewoakpɔ nya atso enu.

Onani mutuwo Koperani




Luka 6:7
14 Mawu Ofanana  

Ame siwo le nye agbe yome tim la tre mɔ nam, ame siwo di be yewoawɔ nuvevim la le nu ƒom tso nye gbegblẽ ŋuti; ŋkeke blibo la wole ɖoɖo wɔm ɖe alakpadada ŋu.


ame siwo tsɔa nya dea ame nya me wòzua agɔdzela, ame si trea mɔ na ametaʋlila le ʋɔnu, eye wòtsɔa aʋatsoɖaseɖiɖi dea ame dzɔdzɔe nya mee.


Mese ame geɖewo le dalĩ dom be, “Ŋɔdzi ƒo xlãe! Mitrɔ eta! Mina míadee asi!” Xɔ̃nyewo katã le klalo na nye anyidzedze le gbɔgblɔm be, “Ɖewohĩ woablee ekema míaɖu edzi eye míabia hlɔ̃e.”


Ke nye ya mele egblɔm na mi be, migaɖo vɔ̃, teƒe na vɔ̃ o! Nenye be ame aɖe ƒo ɖusitome na wò la, trɔ tome evelia hã nɛ be wòaƒo.


Esi wònye Dzudzɔgbe ŋkeke ta la, Yesu ƒe futɔwo nɔ ŋku lém ɖe eŋu tsitotsito be ada gbe le amea ŋu mahã, ne wòwɔe la, yewoatsɔ nya ɖe eŋu.


Yudatɔwo ƒe kplɔla si nɔ ƒuƒoƒe ma dzi kpɔm la do dziku vevie le nu si Yesu wɔ la ta, elabena eyɔ dɔ na nyɔnu la le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi. Edo ɣli gblɔ na ameha la be, “Ŋkeke ade sɔŋ le kɔsiɖa ɖeka me esiwo dzi woawɔ dɔ le, esiae nye ŋkeke siwo dzi wòle be nàva woayɔ dɔ wò, ke menye le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi o!”


Esi wonɔ mɔnu dim le eŋu ta la, wodɔ ame aɖewo ɖe egbɔ be woawɔ wo ɖokuiwo abe ame dzɔdzɔewo ene, ne woalée le nya me, ne yewoadee asi na amegãwo kple mɔmefia hena tohehe nɛ.


Farisitɔwo dometɔ aɖewo gblɔ be, “Ŋutsu sia metso Mawu gbɔ o, elabena mede bubu Dzudzɔgbe ŋkeke la ŋu o.” Ke bubuawo bia be, “Aleke nu vɔ̃ wɔla nate ŋu awɔ nukunu siawoe?” Ale mama ɖo wo dome.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa