Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 6:43 - Agbenya La

43 “Ati nyui aɖeke mate ŋu atse ku manyomanyo o, eye ati manyomanyo mate ŋu atse ku nyui o.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

43 Elabena ati nyuia ɖeke meli, si tsea ku manyomanyo o, eye ati manyomanyoa ɖeke hã metsea ku nyui o.

Onani mutuwo Koperani




Luka 6:43
8 Mawu Ofanana  

Nu ka wòle be mawɔ na nye waingble la esi nyemewɔ nɛ o? Ekema nu ka ta mele mɔ kpɔm na waintsetse nyuiwo, gake wain vevewo ko wòtse?


Edɔm be mana nu Zion ƒe nuxalawo, ne maɖɔ atsyɔ̃fiakuku na wo ɖe dzofi teƒe, dzidzɔkpɔkpɔ ƒe ami ɖe nuxaxa teƒe, kafukafu ƒe awu ɖe gbɔgbɔ si bu mɔkpɔkpɔ teƒe. Woayɔ wo be dzɔdzɔenyenye ƒe logotiwo, ati siwo Yehowa ŋutɔ do, be yeatsɔ aɖe yeƒe bubu afiae.


Medo wò abe wainti nyuitɔ si tso wainka vavã siwo tsena nyuie la dometɔ ɖeka ene. Ke nu ka ta nèwɔ ɖe ŋutinye alea hezu abe wainka si mie le eɖokui si la ene?


“Wotsɔa ati ɖe sia ɖe ƒe kutsetse tsɔna dzea sii. Ati nyui la, ku nyui wòtsena, eye ati manyomanyo hã tsea ku manyomanyo.


Le gaƒoƒo sia me ŋutɔ gɔ̃ hã la, woɖo ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe fia atiwo ƒe kewo dzi: ati sia ati si metse ku nyui o la, woalãe aƒu anyi, eye woatsɔe ade dzo me.


Aleke wɔ nàgblɔ na nɔviwò be, ‘Nɔvi, na maɖe ati fefi si le wò ŋku dzi la ɖa na wò,’ esi màte ŋu akpɔ gãa si le wò ŋutɔ wò ŋkuwo dzi aɖe o? Alakpanuwɔla, ɖe atikpo si le wò ŋku dzi la ɖa gbã ekema àte ŋu akpɔ nu nyuie, ale be nàte ŋu aɖe nɔviwò ƒe ati fefi la ɖa nɛ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa