Midzra nu siwo le mia si, eye miatsɔ ga la ana hiãtɔwo, esia adzi miaƒe fetu si le dziƒo la ɖe edzi. Ne miedzra miaƒe kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo, fiafitɔ aɖeke mate ŋu afi wo o, eye gbagbladza aɖeke hã mate ŋu aɖu wo o.
Yesu gblɔ nɛ be, “Esusɔ nu vevi ɖeka nàwɔ, yi nàdzra nu siwo katã le asiwò, eye nàtsɔ ga la na ame dahewo; esia anye kesinɔnu na wò le dziƒo, ekema va nàdze yonyeme.”
Mina nu, eye woana nu miawo hã. Nu siwo katã miena la, woatrɔ wo vɛ na mi woasɔ gbɔ agbã go sãa wu esi sinu miena, eye woatsɔe aɖo akɔ na mi. Dzidzenu si mietsɔ dzidze nui na amewo la, eya kee woatsɔ dzidze nui na miawo hã.”
Miawo ŋutɔ mienya Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve be kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva de ahe ɖo be miawo la, miato eƒe ahedada la me azu kesinɔtɔwo.