“Ne mietsi nu dɔ la, migayɔ mo lilili abe ale si alakpanuwɔlawo wɔna ene o. Ame siawo yɔa mo lilili, be amewo nakpɔ be yewole nutsitsidɔ me. Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be ame siawo xɔ woƒe fetu blibo la xoxo.
“Eya ta ne miena nu ame dahe aɖe la, migaɖe gbeƒãe kple kpẽ abe ale si alakpatɔwo wɔna le woƒe ƒuƒoƒewo kple mɔtatawo dzi, be amewo nakafu yewo ene o. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be, woxɔ woƒe fetu la katã xoxo.
“Ne miele gbe dom ɖa la, migawɔ abe alakpatɔwo ene o, elabena wolɔ̃a gbedodoɖa le tsitrenu le ƒuƒoƒewo kple mɔtatawo ƒe dzogoewo dzi, be amewo nakpɔ yewo. Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be woxɔ woƒe fetu la katã xoxo.
Gblɔ na kesinɔtɔ siwo le xexe sia me la katã be womegada wo ɖokuiwo, eye woaɖo ŋu ɖe woƒe ga si nu ava yi kpuie la ŋuti o; ke boŋ woƒe dada kple ŋuɖoɖo nanɔ Mawu gbagbe si naa nu siwo katã míehiã na míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ la mí fũu ɖeɖe ko ŋu.