Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 6:11 - Agbenya La

11 Nuwɔna sia do dziku na Yesu ƒe futɔwo ŋutɔ. Wode asi ɖoɖowɔwɔ me le nu si woate ŋu awɔ Yesu la ŋuti.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Ke woawo la movidzɔdzɔ yɔ wo fũ, eye woƒo nu na wo nɔewo, nusi woate ŋu awɔ Yesu.

Onani mutuwo Koperani




Luka 6:11
16 Mawu Ofanana  

Esiae nye nu vɔ̃ɖi si le nu sia nu si dzɔna le ɣea te la ŋu: nu ɖeka ma koe dzɔna ɖe amewo katã dzi. Gawu la, amewo ƒe dziwo yɔ fũu kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple tsukuku le woƒe dziwo me esime wole agbe eye emegbe la, woyia kukuawo dome.


Nusrɔ̃lawo bu be nuɖuɖu si yewometsɔ ɖe asi o la tae wògblɔ nya siawo ɖo.


Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple Farisitɔwo kpɔe dze sii be yewoe nye agbledzikpɔla vɔ̃ɖi siwo ŋu Yesu ƒo nu le le lododo la me, eye yewo ŋuti wòle nya la gblɔm ɖo.


Yesu ƒe nya siawo ve dɔ me na ameawo ŋutɔ le ƒuƒoƒea esi wose wo.


Etsa ŋku le wo katã dzi ɖekaɖeka, eye wògblɔ na ŋutsua be, “Dzɔ wò asi.” Edzɔ asia kasia eƒe asi gaɖɔ ɖo.


Le nu siawo megbe la, Yesu yi to aɖe dzi gbe ɖeka be yeado gbe ɖa. Edo gbe ɖa na Mawu zã blibo katã.


Esi nunɔlagãwo kple Farisitɔwo se nya sia la, woyɔ Sahendriwo ƒe takpekpe. Wobia wo nɔewo be, “Nɔviwo, nu ka wɔ ge míala? Elabena ame sia le nukunu geɖewo wɔm.


Emegbe la, Yesu yi Galilea henɔ tsatsam le kɔƒewo me. Medi be yeayi Yudea o, elabena Yudatɔwo nɔ nugbe ɖom ɖe eŋu le afi ma be yewoawui.


Mewɔ funyafunya ƒomevi geɖewo Kristotɔ siawo le ƒuƒoƒewo katã be wogblɔ busunya. Melé fu ame siawo ale gbegbe be metia wo yome yia du bubuwo ke hã me.


Le esia ta la, wona wokplɔ Petro kple Yohanes do goe le xɔa me, ale be woate ŋu akpɔ mɔnu ade adaŋu le wo ŋu.


Ke Petro kple Yohanes ɖo eŋu gblɔ na wo be, “Miawo ŋutɔwo mibu eŋu kpɔ be enyo le Mawu gbɔ be míase amegbetɔ ƒe gbe, agbe eya Mawu ƒe gbedziwɔwɔ hã?


Esi wose esia la, eku dzi na wo vevie, eye woɖo be yewoawu apostoloawo.


Stefano ƒe nya sia tɔ dzi na Yudatɔwo ƒe kplɔlawo ŋutɔ. Wodo dziku vevie henɔ nyanyram le wo ɖokuiwo me.


Ke womanɔ edzi alea tegbee o. Gbe ɖeka la, amewo katã ava nya woƒe amebeble abe ale si amewo va nya Yane kple Yambre ƒe nu vɔ̃ ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa