Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 5:34 - Agbenya La

34 Ke Yesu bia wo be, “Ne wokpe amewo be woava do dzidzɔ ɖe srɔ̃ɖelawo ŋu ɖe, ɖe amekpekpe siawo agbe nuɖuɖu le esime srɔ̃tɔ la ŋutɔ li kpli wo mahã?

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

34 Eye Yesu gblɔ na wo bena: Alo ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe xɔlɔ̃wo ate ŋu atsi nu adɔ, esime ŋugbetɔsrɔ̃ la li kpli wo mahã?

Onani mutuwo Koperani




Luka 5:34
18 Mawu Ofanana  

O Yerusalem vinyɔnuwo, meta mi; ne miekpɔ nye lɔlɔ̃tɔ la, nya kae miagblɔ nɛ? Migblɔ nɛ be lɔlɔ̃ de dɔ lãme nam.


Tugbewo ƒe fia, afi ka wò lɔlɔ̃tɔ yi? Mɔ ka wò lɔlɔ̃tɔ to, ne míakpe ɖe ŋuwò adii?


elabena wò wɔlae nye srɔ̃wò. Eƒe ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ. Israel ƒe Kɔkɔetɔ lae nye wò Ɖela. Woyɔnɛ be anyigba blibo la ƒe Mawu.


Abe ale si ɖekakpui ɖea ɖetugbii ene la, nenema ke viwò ŋutsuwo aɖe wòe, eye abe ale si ŋugbetɔsrɔ̃ kpɔa dzidzɔe ɖe eƒe ŋugbetɔ ŋu ene la, nenemae wò Mawu akpɔ dzidzɔ ɖe ŋuwòe.


Yehowa wò Mawu la li kpli wò, kalẽtɔ si ate ŋu axɔ na wò lae wònye. Akpɔ dzidzɔ gã aɖe ɖe ŋuwò, atsɔ eƒe lɔlɔ̃ afa akɔ na wò, eye wòado dzidzɔ na wò kple hadzidzi.”


“Dziƒofiaɖuƒe la le abe fia aɖe si ɖo srɔ̃ɖekplɔ̃ gã aɖe na via ene.


Yesu hã bia wo be, “Ɖe wòle be ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃wo nanɔ konyi fam, atsi nu adɔ le esime wòle wo gbɔa? Ɣeyiɣi li gbɔna esime woakplɔe adzoe le wo gbɔ, eye le ɣe ma ɣi me la, woagbe nuɖuɖu atsi nu adɔ.


Ameawo gayi edzi bia Yesu be nu ka tae eƒe nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna hedoa gbe ɖa abe ale si Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo kple Farisitɔwo wɔnɛ ene o, ke boŋ eƒe nusrɔ̃lawo ya la nuɖuɖu kple nunono dzi ko wonɔna gbe sia gbe hã.


Gake ɣeyiɣi li gbɔna esi woava kplɔ srɔ̃tɔ la adzoe le ameawo gbɔ, eye ne edzɔ alea la, woatsi nu dɔ le ɣeyiɣi ma me.”


Ŋugbetɔ la nye ŋugbetɔsrɔ̃ la tɔ. Ŋugbetɔsrɔ̃ xɔlɔ̃ si subɔa ŋugbetɔsrɔ̃ la nɔa to dzi, eye wòkpɔa dzidzɔ ne ese ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe gbe. Nyee nye ŋugbetɔsrɔ̃ la xɔlɔ̃, eya ta dzidzɔkpɔkpɔ yɔ menye ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ta.


Metsɔ Mawu ƒe ŋuʋaʋã le ŋu ʋãm le mia ŋu; elabena medo mia ŋugbe na ŋutsu ɖeka, si nye Kristo be mianye eya ɖeka ko tɔ, abe ale si ɖetugbi dzadzɛ tsɔa eƒe lɔlɔ̃ naa ŋutsu si ƒe ŋugbe wodo nɛ la ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa