Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 5:27 - Agbenya La

27 Esi Yesu dzo le du sia me yina la, ekpɔ dugadzɔla aɖe si ame sia ame nya nyuie le eƒe amebaba ta. Dugadzɔla sia ŋkɔe nye Levi eye wònɔ anyi ɖe dugadzɔƒe. Yesu gblɔ nɛ be, “Va dze yonyeme ne nàzu nye nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Eye nusiawo megbe la edo go, eye wòkpɔ nudzɔlaa ɖe, eŋkɔ enye Lewi, le anyinɔƒe le nudzɔƒe, eye wògblɔ nɛ bena: Dze yonyeme.

Onani mutuwo Koperani




Luka 5:27
11 Mawu Ofanana  

Filipo kple Bartolomeo; Toma kple Mateo, si nye nudzɔla; Yakobo, Alfeo ƒe vi, kple Tadeo;


Esia megbe la, Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Ne ame aɖe di be yeadze yonyeme vavã la, ekema negbe nu le eɖokui gbɔ ne wòatsɔ eƒe atitsoga adze yonyeme,


Yesu ɖo eŋu na ame sia hã be, “Dze yonyeme fifia, eye nàɖe asi le ame siwo ku le gbɔgbɔ me la ŋu be woaɖi woƒe ame kukuwo.”


Andrea, Filipo, Bartolomeo, Mateo, Toma, Yakobo, Alfeo ƒe vi, Tadeo, Simɔn, ame si nye Zelote dunyahehamenɔla,


Yesu gblɔ nɛ be, “Esusɔ nu vevi ɖeka nàwɔ, yi nàdzra nu siwo katã le asiwò, eye nàtsɔ ga la na ame dahewo; esia anye kesinɔnu na wò le dziƒo, ekema va nàdze yonyeme.”


Esi ŋu ke la, Yesu ɖoe be yeayi Galilea. Esi wònɔ mɔa dzi yina la, edo go Filipo, eye wògblɔ nɛ be, “Va, nàdze yonyeme.”


“Ame si subɔam la, ele be wòadze yonyeme, be afi si mele la, nye subɔla hã nanɔ afi ma. Fofonye ade bubu ame si subɔam la ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa