Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 5:20 - Agbenya La

20 Esi Yesu kpɔ woƒe xɔse la, egblɔ na dɔnɔa be, “Ŋutsu, wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Eye esi wòkpɔ woƒe xɔse la, egblɔ bena: Ame, wotsɔ wò nuvɔ̃wo ke wò!

Onani mutuwo Koperani




Luka 5:20
16 Mawu Ofanana  

Mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Tsɔ hɛ la de aku me; mègawɔ nu vevi aɖeke ɖevi la o, elabena menya be Mawu xɔ teƒe gbãtɔ le wò agbenɔnɔ me; mèhe viwò lɔlɔ̃a gɔ̃ hã ɖe megbe tso gbɔnye o.”


Le nyateƒe me la, nye nyonyo tae nèna meto vevesese mawo me. Wò lɔlɔ̃ na be nèɖem tso gbegblẽ ƒe do globo me, eye nètsɔ nye nu vɔ̃wo ƒu gbe ɖe megbe wò.


Eɖo afi ma eteƒe medidi hafi ame aɖewo kɔ ŋutsu aɖe si le lãmetutudɔ lém la ɖe aba dzi vɛ o. Yesu kpɔ be ameawo ƒe xɔse de to ŋutɔ, eya ta egblɔ na dɔnɔ la be, “Vinye, wò dzi nedze eme, elabena wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.”


Mibu eŋuti kpɔ be kae le bɔbɔe wu, be woagblɔ na ame sia be, ‘Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò’ alo woagblɔ nɛ be, ‘Tso nàzɔ azɔli?’ ”


Yesu kpɔ be ŋutsu eneawo xɔe se vevie be yeate ŋu ayɔ dɔ wo nɔvi la, eya ta egblɔ na dɔnɔ la be, “Vinye, wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò!”


Yesu gblɔ na nyɔnu la azɔ be, “Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.”


Mehiã be ame aɖeke naɖi ɖase nɛ tso amegbetɔ ŋu o, elabena eya ŋutɔ nya nu si le ame me.


Emegbe la, Yesu ke ɖe eŋu le gbedoxɔ la me, eye wògblɔ nɛ be, “Kpɔ ɖa, wò lãme sẽ, eya ta dzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, ne menye nenema o la, nu si adzɔ ɖe dziwò la avɔ̃ɖi wu gbãtɔ.”


Esi Barnabas kpɔ nu gã siwo Mawu wɔ le Antioxia la, dzi dzɔe ŋutɔ. Egado ŋusẽ xɔsetɔawo be woayi edzi alé ɖe Mawu ŋu goŋgoŋgoŋ nenye be nya sia nya le dzɔdzɔm hã.


Ame sia ɖo to Paulo esi wònɔ nu ƒom na ameawo. Paulo li ŋku ɖe edzi gãa, eye wòkpɔ be xɔse le esi na dɔyɔyɔ,


Nu si mietsɔ ke ame aɖe la, nye hã metsɔe kee, eye edze be nye hã matsɔe ke le Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ me hena miaƒe nyonyo ko.


Mihe adodo kple mia nɔewo, eye mitsɔ mia nɔewo ƒe vodadawo ke wo. Miɖo ŋku ale si Aƒetɔ la tsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ke mii la dzi, eye miawo hã miatsɔ ake mia nɔewo nenema ke.


Ke ame aɖe agblɔ dzideƒotɔe be, “Wò la, xɔse le asiwò, ke nye la, dɔwɔwɔwo le asinye.” Fia wò xɔse si ŋu dɔwɔwɔwo mekpe ɖo o lam, eye nye hã maɖe nye xɔse afia wò to dɔ siwo mewɔna la me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa