Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 3:33 - Agbenya La

33 Naheson fofoe nye Aminadab, Aminadab fofoe nye Ram, Ram fofoe nye Arni, Arni fofoe nye Hezron, Hezron fofoe nye Perez. Perez fofoe nye Yuda,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

33 amesi nye Aminadab vi, amesi nye Aram vi, amesi nye Esron vi, amesi nye Fares vi, amesi nye Yada vi,

Onani mutuwo Koperani




Luka 3:33
15 Mawu Ofanana  

Lea gafɔ fu, gadzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe be Yuda si gɔmee nye “Kafukafu,” elabena egblɔ be, “Azɔ makafu Yehowa!” Emegbe la, Lea megadzi vi bubu aɖeke o.


ke ɖevi la he asi ɖe megbe yi dadaa ƒe dɔ me, eye wodzi ɖevi evelia gbã. Vixela la bia be, “Nu ka ta nèdo ŋgɔ na nɔviwòa ɖo?” Tso gbe ma gbe dzi la, woyɔa ɖevi sia be Perez si gɔmee nye “Ŋgɔdodo.”


Yuda ƒe viŋutsuwo: Er, Onan, Sela, Perez, Zera. (Ke Er kple Onan ku le Kanaan do ŋgɔ na Israel ƒe ʋuʋu yi Egipte.) Perez ƒe viŋutsuwoe nye: Hezron kple Hamul.


“Yuda, nɔviwòwo akafu wò; àtsrɔ̃ wò futɔwo. Fofowòviwo ade ta agu na wò.


Ƒome siawo dometɔ ɖekae nye Utai ƒe ƒome. Utai nye Amihud ƒe vi, Amihud nye Omri ƒe vi, Omri nye Imri ƒe vi eye Imri nye Bani ƒe vi tso Yuda vi Perez ƒe viwo dome.


Yuda ƒe to la naƒu asaɖa anyi ɖe woƒe aflaga gbɔ le ɣedzeƒe gome. Yuda ƒe viwo ƒe kplɔlae nye Nahson, Aminadab ƒe viŋutsu,


Kpe ɖe nu siawo ŋuti la, egatsɔ nyitsu eve, agbo atɔ̃, gbɔ̃tsu atɔ̃ kple agbovi atɔ̃ siwo xɔ ƒe ɖeka ɖeka la vɛ na ŋutifafavɔsa. Esiae nye Aminadab ƒe vi, Nahson ƒe vɔsa.


David fofoe nye Yese, Yese fofoe nye Obed, Obed fofoe nye Boaz, Boaz fofoe nye Salmon, Salmon fofoe nye Naheson,


Yuda fofoe nye Yakob, Yakob fofoe nye Isak, Isak fofoe nye Abraham, Abraham fofoe Tera, Tera fofoe nye Nahɔ,


Wò dzidzimevi siwo Yehowa ana wò to nyɔnu sia dzi la nana wò ƒome nanɔ abe Perez, ame si Tamar dzi na Yuda la tɔ ene.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa