Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 3:2 - Agbenya La

2 esime Anas kple Kayafa wonye nunɔlagãwo la, Mawu ƒe nya va na Yohanes, ame si nye Zekaria ƒe vi la le gbedzi.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 eye Hana kple Kayafa wonye nunɔlagãwo la, Mawu ƒe nya va Yohanes, Zaxarya vi la gbɔ le gbedzi.

Onani mutuwo Koperani




Luka 3:2
21 Mawu Ofanana  

Ame si le ɣli dom le gbea dzi ƒe gbe enye esi: “Midzra Yehowa ƒe mɔ ɖo le gbegbe. Mita mɔ dzɔdzɔe ɖe gbedadaƒo na miaƒe Mawu la.


Yehowa ƒe nya va nɛ le Yuda fia Yosia, Amon ƒe vi ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuietɔ̃lia me.


Yehowa ƒe gbe va gbɔnye be,


Yehowa ƒe gbe va na nunɔla Hezekiel, Buzi ƒe vi, le Kebar Tɔsisi la to, le Babilonianyigba dzi. Yehowa ƒe asi va edzi le afi ma.


Yehowa ƒe nya va na Yona, Amitai ƒe vi la be,


Esiae nye gbedeasi si va na Mika, Moresitɔ la, tso Yehowa gbɔ. Gbedeasia va nɛ le Yada fiawo, Yotam, Ahaz kple Hezekia ŋɔli. Gbedeasia ku ɖe Samaria kple Yerusalem ŋuti, eye wòva nɛ le ŋutega me.


Esiae nye Yehowa ƒe nya si va na Zefania, Kusi ƒe vi. Kusi fofoe nye Hezekia, Hezekia fofoe nye Amaria, eye Amaria fofoe nye Gedalia. Gbedeasi la va le Yuda fia Yosia, Amon ƒe vi ŋɔli.


Esi Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo nɔ dzodzom la, Yesu dze nuƒoƒo na ameha la tso Yohanes ŋu be, “Nu ka miedo go yi kpɔkpɔ ge le gbedzi? Aƒla si ya le ƒoƒoma?


Le ɣeyiɣi ma tututu me la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple Yudea dumegã bubuwo kpe ta ɖe nunɔlagãtɔ, Kayafa ƒe aƒe me,


Abe ale si woŋlɔe ɖi le Nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ me ene be, “Madɔ nye dɔla ɖe ŋgɔwò be wòadzra wò mɔ la ɖo,


Ɖevi la tsi, eye wòsẽ ŋu le gbɔgbɔ me. Enɔ gbedzi va se ɖe esime woɖee fia Israel blibo la le gaglãgbe.


Yohanes ɖo eŋu na wo kple Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya siawo be, “Nyee nye ame si le ɣli dom le gbea dzi ƒe gbe be, ‘Midzra Yehowa ƒe mɔ la ɖo wòanɔ dzɔdzɔe.’ ”


Ale Yesu nɔ babla, eye Anas na wokplɔe yi na Kayafa, nunɔlagã la.


Takpekpea me nɔla aɖewo nye Anas si nye nunɔlagã, Kayafa, Yohanes, Aleksandro kple nunɔlagã ƒe ƒometɔ aɖewo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa