Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 3:16 - Agbenya La

16 Yohanes ɖo woƒe biabia la ŋu hegblɔ na wo be, “Nye la, tsi metsɔ le tsi dem ta na amewoe, gake ame aɖe gbɔna kpuie, ame si si ŋusẽ le wum boo, ame si nyemedze ŋutɔ gɔ̃ hã be matu eƒe atokotawo nu ka o. Eya ade mawutsi ta na mi kple dzo kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Yohanes ɖo ŋu gblɔ na wo bena: Nye la metsɔ tsi de mawutsi ta na mi; ke amesi tri akɔ wum, amesi ƒe atokotawo nu ka medzem be, matui o la, eya ŋutɔ gbɔna be, wòatsɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe kple dzo ade mawutsi ta na mi;

Onani mutuwo Koperani




Luka 3:16
24 Mawu Ofanana  

Ne ɖe mietrɔ ɖe nye mokaname ŋu la, anye ne metrɔ nye dzi kɔ ɖe anyi na mi eye mena mienya nye susuwo.


va se ɖe esime woakɔ Gbɔgbɔ la ɖe mia dzi tso dziƒo, gbegbewo nagazu agbledeƒewo, eye agbledeƒewo nadze abe ave ene.


Aƒetɔ la aklɔ ɖiƒoƒo ɖa le Zion nyɔnuwo ŋu. Aklɔ ʋu si kɔ ɖe Yerusalem la ɖa kple nuteƒewɔwɔ ƒe gbɔgbɔ kple dzo ƒe gbɔgbɔ.


Mahlẽ tsi kɔkɔe ɖe mia ŋu, eye mia ŋuti akɔ. Makɔ mia ŋuti tso miaƒe makɔmakɔnyenye katã me, eye maɖe miaƒe legbawo katã ɖa le mia dome.


Etɔ̃liawo ƒe ɖeka sia matsɔ ade dzo me, maklɔ wo ŋuti abe ale si woklɔa klosaloe ene, eye mado wo kpɔ abe ale si wodoa sika kpɔ ene. Woayɔ nye ŋkɔ, eye matɔ na wo. Magblɔ be, ‘Wonye nye amewo’ Woawo hã agblɔ be, ‘Yehowae nye míaƒe Mawu.’ ”


“Nye la, metsɔ tsi le mawutsi dem ta na mi ame siwo trɔ dzi me, gake ame aɖe gbɔna, ame si de ŋgɔ wum sãa ale gbegbe be nyemedze be manye eƒe subɔla gɔ̃ hã o. Eya atsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kple dzo ade tsi ta na mi.


Elé eƒe lugbɔnu ɖe asi. Akplɔ eƒe lugbɔƒe ƒiaƒiaƒia, alɔ lu la ɖe eƒe ava me. Ke atɔ dzo tsroa kple dzo matsimatsi.”


Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Mele mawutsi dem ta na amewo kple tsi, gake ame aɖe le mia dome,


si le yonyeme gbɔna, eye nyemedze be matu eƒe afɔkpaka gɔ̃ hã o.”


Yohanes gagblɔ be, “Nye la, nyemenya be eyae nye amea o, gake esi Mawu ɖom ɖa be made mawutsi ta na amewo la, egblɔ nam be, ‘Ne èkpɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wòle ɖiɖim ɖe ame aɖe dzi la, nyae be eyae nye ame si dim nèle. Eyae ade mawutsi ta na amewo kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.’


Elabena mawunya gblɔ be, ‘Ame si xɔ dzinye se la, tɔsisi si nye agbetsi la anɔ dzidzim tso eya amea me.’ ”


elabena Yohanes tsɔ tsi de mawutsi ta na amewo, gake le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, miawo ya la, woatsɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la adee na mi.”


Esime Petro nɔ nya siawo gblɔm la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la dze ame siwo katã nɔ to ɖom la dzi.


Ke fifia la, Mawu do eya amea ɖe dzi, hetsɔe ɖo eƒe nuɖusime abe ale si Fofo la ŋutɔ do ŋugbee ene la, ena ŋusẽe be wòaɖo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ɖe mía dome, eye eya ƒe dɔwɔnae nye nu siwo kpɔm miele kple nu siwo sem mìele fifia.


elabena wotsɔ Gbɔgbɔ ɖeka ma de mawutsi ta na mí katã ɖe ŋutilã ɖeka me, eye mí katã mieno Gbɔgbɔ ɖeka ma, eɖanye Yudatɔ o, alo Grikitɔ o, kluvi alo ablɔɖevi o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa