Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 3:14 - Agbenya La

14 Asrafo aɖewo siwo le afi ma la biae be, “Míawo ya ɖe aleke míawɔ?” Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Migaxɔ ga le amewo si akpasesẽtɔe o. Ne mienya be ame aɖe mewɔ nane o la, migahe nya ɖe eŋu alakpatɔe o. Fetu si miexɔna la hã nedze mia ŋu!”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye asrafowo hã biae gblɔ bena: Miawo hã nuka wo ge míala? Eye wògblɔ na wo bena: Migado ŋɔdzi na amea ɖeke xɔ nu le esi o, eye migatso amea ɖeke nu hã dzro o, eye miaƒe fetu nadze mia ŋu!

Onani mutuwo Koperani




Luka 3:14
15 Mawu Ofanana  

Mègaɖi aʋatsoɖase ɖe hawòvi ŋuti o.


“Mègakaka aʋatsonyawo o, eye mègaɖu aʋatsoɖasefo na ame vɔ̃ɖi o.


“ ‘Migafi fi o. “ ‘Migada alakpa o. “ ‘Ame aɖeke megaba nɔvia o.


Esi Yesu va ɖo Kapernaum la, aʋafia aɖe va egbɔ va ɖe kuku nɛ vevie be wòakpe ɖe ye ŋu.


Le aƒea me la, Zaxeo gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ tso azɔ la, matsɔ nye kesinɔnuwo ƒe afã na ame dahewo, eye ne mexɔ ga le ame aɖe si wu ale si wòle be maxɔ la, maɖo eteƒe nɛ zi gbɔ zi ene sɔŋ!”


Ameha la ɖo eŋu nɛ be, “Nu ka nèdi tso mía si be míawɔ?”


Yohanes ɖo eŋu na wo be, “Mito nyateƒe le miaƒe dugadzɔdzɔ me. Mikpɔ nyuie be miagadzɔ ga le ame aɖeke si wu ale si woɖo na mi la o.”


Esi mawudɔla la dzo teti ko la, Kornelio yɔ eƒe subɔla eve kple eya ŋutɔ ƒe asrafowo dometɔ ɖeka, ame si hã vɔ̃a Mawu la,


ale be miazu mokakamanɔŋutɔwo kple ame dzadzɛwo. Minɔ agbe si ŋu fɔɖiɖi mele o, abe Mawu ƒe vi siwo le xexe si me do viviti tsiɖitsiɖi heyɔ fũu kple ame mawɔnuteƒewo kple kɔlialiatɔwo la ene. Miklẽ le wo dome abe ɣletiviwo ene,


Nyemele nya sia gblɔm ɖe esi mele hiã me la ta o, elabena mesrɔ̃ ale si manɔ agbee nenye be nu geɖe alo nu sue aɖe le asinye.


Nenema ke, fia nyɔnu tsitsiwo be woafa tu, eye woabu ame le woƒe nuwɔna ɖe sia ɖe me. Womanye ame siwo nɔa tsatsam, nɔa nya vlowo gblɔm tso amewo ŋu la o, eye womanye ahatsunolawo hã o.


Tete mese gbe sesẽ aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm be, “Azɔ ko míaƒe Mawu la ƒe ɖeɖe, ŋusẽ kple fiaɖuƒe la kple eƒe Kristo ƒe dziɖuɖu ƒe ŋusẽ la va ɖo, elabena wotsɔ mía nɔviawo nu tsola, ame si nɔa wo nu tsom zã kple keli le Mawu ŋkume la ƒu gbe ɖe anyigba.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa