Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 24:6 - Agbenya La

6 Mele afi sia o; etsi tsitre tso ame kukuwo dome. Miɖo ŋku ale si wògblɔe na mi, esime wònɔ anyi kpli mi le Galilea la dzi be:

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Mele afisia o, ke boŋ etsi tre; mido ŋku edzi, alesi wògblɔ na mi, esime wogale Galilea la bena:

Onani mutuwo Koperani




Luka 24:6
19 Mawu Ofanana  

elabena abe ale si Yona nɔ tɔmelã gã la ƒe dɔ me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃ ene la, nenema ke nye Amegbetɔ Vi la hã manɔ anyigba ƒe tu me ŋkeke etɔ̃ kple zã etɔ̃.


Tso azɔ dzi heyi la, Yesu ƒoa nu na eƒe nusrɔ̃lawo tso eƒe Yerusalem yiyi kple nu siwo adzɔ ɖe edzi le afi ma la ŋuti. Egblɔ na wo be, le Yerusalem la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo, agbalẽfialawo kple dumegãwo awɔ fu ye, eye woawu ye, gake yeagafɔ le ŋkeke etɔ̃a gbe.


eye wogblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, alakpatɔ ma gblɔ kpɔ be, ‘Matsi tsitre le ŋkeke etɔ̃ megbe,’


gake mele afi sia o, elabena etsi tsitre abe ale si wògblɔ da ɖi ene. Miva kpɔ afi si wokɔe mlɔ la ɖa.


Gake mawudɔla la gblɔ na wo be, “Migavɔ̃ o. Menye Yesu Nazaretitɔ, si woklã ɖe ati ŋu la dim miele oa? Mele afi sia o, etsi tsitre. Mikpɔ afi si wokɔ eƒe ŋutilã mlɔe ɖa.


Azɔ Yesu de asi nufiafia wo me be edze be Amegbetɔ Vi la nakpe fu geɖewo. Egblɔ na wo be dumegãwo kple nunɔlagãwo agbe nu le ye gbɔ. Sefialawo hã agbe ye, eye woawu ye, gake yeagafɔ le ŋkeke etɔ̃ megbe.


Nusrɔ̃lawo gblɔ na wo be, “Aƒetɔ la tsi tsitre vavã! Eɖe eɖokui fia Simɔn!”


Nyɔnuawo vɔ̃ ale gbegbe be wodze klo de mo to ɖe ameawo ŋkume. Ŋutsuawo bia wo be, “Nu ka ta mieva le ame gbagbe dim le ame kukuwo dome?


Eyi edzi gblɔ na wo be, “Ele be Amegbetɔ Vi la nakpe fu geɖe, eye dumegãwo, nunɔlagãwo kple sefialawo agbe nu le egbɔ. Woawui, gake agafɔ le ŋkeke etɔ̃a gbe.”


“Miɖo to afii, eye mialé nya si gblɔ ge mele na mi la ɖe ta me. Wole nye Amegbetɔ Vi la de ge asi.”


Gake Mawu ŋutɔ gaɖe Yesu tso ku ƒe ŋɔdzi me, fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, elabena ku ƒe ŋusẽ mate ŋu aɖu Yesu dzi o.


Mieɖo ŋku edzi be megblɔ nya siawo na mi esi menɔ mia gbɔ oa?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa