Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 24:36 - Agbenya La

36 Esi ŋutsuawo nɔ woƒe nuteƒekpɔkpɔwo gblɔm la, Yesu ŋutɔ va do ɖe wo dome hedo gbe na wo be, “Ŋutifafa na mi.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

36 Ke esi wole nu ƒom le nusiawo ŋuti la, eya ŋutɔ tsi tre ɖe wo titina, eye wògblɔ na wo bena: Ŋutifafa nanɔ anyi kpli mi!

Onani mutuwo Koperani




Luka 24:36
13 Mawu Ofanana  

Mekpɔ eƒe mɔwo, gake mada gbe le eŋu. Mafia mɔe, eye magbugbɔ afa akɔ nɛ.


Nenye be aƒea me tɔwo nye mawuvɔ̃lawo vavã la, miyra wo, ke ne womele nenema o la, miaƒe ŋutifafa agagbugbɔ ava mia dzi.


Emegbe la, Yesu ɖe eɖokui fia nusrɔ̃la wuiɖekɛawo esime wonɔ teƒe ɖeka nɔ nu ɖum. Ehe nya ɖe wo ŋu vevie le woƒe dzimaxɔse kple tosesẽ ta, elabena wogbe be yewomaxɔ ame siwo kpɔe le eƒe tsitretsitsi megbe la ƒe nya dzi ase o.


“Ne miege ɖe aƒe aɖe me la, gbã, migblɔ be, ‘Ŋutifafa na aƒe sia.’


Mele ŋutifafa gblẽm ɖi na mi. Nye ŋutifafa metsɔ na mi. Menye xexea me tɔ ƒomevi o. Migana miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o, eye migavɔ̃ o.


Megblɔ nu siawo katã na mi be miakpɔ ŋutifafa le menye. Le xexe sia me la, miato fukpekpe geɖewo me, gake milé dzi ɖe ƒo, elabena meɖu xexea me dzi.”


Anɔ abe ŋkeke enyi megbe ene la, nusrɔ̃lawo gaƒo ƒu ɖe xɔ me, tu ʋɔ ɖe wo ɖokuiwo nu, eye Toma hã nɔ wo dome. Togbɔ be ʋɔtruawo nɔ tutu hã la, Yesu va tsi tsitre ɖe wo dome, eye wògblɔ be, “Ŋutifafa na mi.”


Le eƒe fukpekpe, ku kple tsitretsitsi megbe la, eɖe eɖokui fia ame siawo, eye wòna kpɔɖeŋu geɖewo tsɔ ɖo kpe edzi na wo be yele agbe. Eɖe eɖokui fia wo le ŋkeke blaene sɔŋ me, eye wòƒo nu na wo tso mawufiaɖuƒe la ŋuti.


Eɖe eɖokui fia Kefa gbã, eye emegbe ame wuieveawo dometɔ bubuawo hã kpɔe.


Yakobo kpɔe, eye emegbe la, apostoloawo katã kpɔe.


Ŋutifafa ƒe Aƒetɔ la ŋutɔ nana eƒe ŋutifafa mi ɣe sia ɣi le nu sia nu me. Aƒetɔ la nanɔ anyi kpli mi katã.


Agbalẽ sia tso Yohanes gbɔ na hame adre siwo le Asia nuto me: Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu, ame si nɔ anyi, eye wòli, eye wògale vava ge la gbɔ kple gbɔgbɔ adre siwo le eƒe fiazikpui la ŋgɔ


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa