Pilato gabia wo zi etɔ̃lia be, “Nu ka ta wòle be maklãe ɖe ati ŋu ɖo? Vɔ̃ kae wòwɔ? Ɖeko maƒo ame sia, eye maɖe asi le eŋu, elabena nyemekpɔ vɔ̃ aɖeke le eŋu si ana be matso kufia nɛ o.”
Gake wodo ɣli sesĩe be, “Mikplɔe dzoe! Mikplɔe dzoe! Miklãe ɖe ati ŋuti!” Pilato bia wo be, “Maklã miaƒe fia la ɖe ati ŋua?” Nunɔlagãwo ɖo eŋu nɛ be, “Fia aɖeke mele mía si o, negbe Kaisaro ko.”