5 Edzɔ dzi na ameawo ŋutɔ be Yuda le klalo be yeakpe ɖe yewo ŋu, eya ta wodo ga home aɖe ŋugbe nɛ.
5 Eye dzi dzo wo, eye wodo ŋugbe nɛ be, yewoana gae.
ale wòyi nunɔlagãwo kple gbedoxɔmesrafowo ƒe amegãwo gbɔ be yeade aɖaŋu kple wo le mɔ nyuitɔ si dzi yeato ade Yesu asi na wo la ŋuti.
Tso esia dzi la, Yuda de asi ɣeyiɣi nyuitɔ si me woalé Yesu le amehawo ƒe manyamanya me la didi me.
(Yuda tsɔ ga si wòxɔ ɖe Yesu dede asi ta la ɖaƒle anyigba aɖe si dzi wòwu eɖokui le. Eti kpo tsɔ eɖokui xlã ɖe anyi, hewo to, eye eƒe dɔmenuwo kaka ɖe afi ma.
Petro ɖo eŋu nɛ be, “Wò ga natsrɔ̃ kpli wò, elabena èbu be yeate ŋu aƒle Mawu ƒe nunana kple ga!
Wogblẽ mɔ dzɔdzɔe la ɖi, helé Beor ƒe vi Balaam ƒe mɔ tsɔ, ame si lɔ̃ vɔ̃ɖinyenye ƒe fetu.
Nufiala siawo, le woƒe ŋukeklẽ me, atsɔ nya kpakpawo aɖe vi le mia ŋuti. Woƒe fɔbubu le ta dzi na wo tso blema ke, eye woƒe gbegblẽ medɔ alɔ̃ o.
Babaa na wo! Woto Kain ƒe mɔ; woti viɖe yome hege ɖe Balaam ƒe vodada me, eye wotsrɔ̃ wo le Kora ƒe aglãdzedze la me.