Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 22:41 - Agbenya La

41 Edzo le nusrɔ̃lawo gbɔ, zɔ vie ko, eye wòdze klo do gbe ɖa be,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

41 Eye wòdzo le wo gbɔ anɔ abe kpedadadzeƒe ene, eye wòdze klo do gbe ɖa gblɔ bena:

Onani mutuwo Koperani




Luka 22:41
9 Mawu Ofanana  

Yesu zɔ yi ŋgɔ vie, dze klo, eye wòtsyɔ mo anyi. Azɔ edo gbe ɖa be, “Fofonye, ne anɔ bɔbɔe la, ekema ɖe agba sia ɖa le dzinye. Gake menye ale si medi o, ke boŋ wò lɔlɔ̃nu nava eme.”


Azɔ la, ezɔ yi ŋgɔ vie ɖatsyɔ mo anyi eye wòdo gbe ɖa bia be ne ele bɔbɔe la, gaƒoƒo la nato ye ŋu ayi.


Farisitɔ la do gbe ɖa be, ‘Meda akpe na Mawu be nyemenye nu vɔ̃ wɔla abe ame bubuwo ene o, adzodalawo, ame madzɔmadzɔwo, ahasiwɔlawo, vevietɔ abe nudzɔla si le afi mɛ ɖa ene o.


“Gake nudzɔla la nɔ tsitre ɖe adzɔge afi aɖe ke, eye melɔ̃ be yeawu mo hã dzi akpɔ dziƒo o; ke boŋ eƒo akɔta hegblɔ be, ‘Mawu, kpɔ nublanui na nye nu vɔ̃ wɔla sia.’


Esi Paulo wu eƒe nuƒoa nu la, edze klo hedo gbe ɖa kpli wo.


Ke esi míaƒe ɣeyiɣi de la, míedzo, eye míeyi míaƒe mɔzɔzɔ dzi. Hame blibo la, nusrɔ̃lawo kple wo srɔ̃wo kple wo viwo siaa va ɖo mí ɖa va se ɖe keke ƒuta, afi si míedo gbe ɖa le.


Emegbe la, edze klo eye wòdo ɣli gblɔ be, “Aƒetɔ, mègaɖo nu vɔ̃ sia teƒe na wo o.” Ale wòdze anyi heku.


Esi Petro ge ɖe xɔa me la, ebia tso wo katã si be woado go ana mɔ ye. Esi wodo go la, Petro dze klo do gbe ɖa, eye wòtrɔ ɖe ame kukua gbɔ gblɔ nɛ be, “Tabita, tsi tsitre!” Enumake ame kuku la ʋu ŋku, eye esi wòkpɔ Petro la, efɔ nɔ abati la dzi.


Esi Yesu nɔ agbe le anyigba dzi la, ewɔ gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo kple ɣli kple aɖatsi na eya ame si si ŋusẽ le be wòaɖee tso ku me, eye wòɖo toe le eƒe bubu kple ɖokuibɔbɔ ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa