Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 21:6 - Agbenya La

6 Yesu gblɔ na wo be, “Ɣeyiɣi aɖe li gbɔna esime woagbã nu siwo kafum miele la. Woagbãe ale gbegbe be kpe ɖeka pɛ hã magasusɔ ɖe nɔvia dzi o. Woatu asi nu sia nu aƒu anyi.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Nusiawo, siwo ke kpɔm miele la, ŋkekewo gbɔna, le esiwo me womele kpe gblẽ ge ɖe kpe dzi, si womatu asii aƒu anyi o.

Onani mutuwo Koperani




Luka 21:6
20 Mawu Ofanana  

“Mika, Moresitɔ la gblɔ nya ɖi le Yuda fia Hezekia ƒe ŋkekewo me. Egblɔ na Yudatɔwo katã be, ‘Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la gblɔe nye esi: “ ‘Woaŋlɔ Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo gbagbã eye gbedoxɔ ƒe togbɛ azu togbɛ si zu ave.’


ekema mawɔ gbedoxɔ sia abe Silo ene eye du sia azu fiƒodenu le anyigbadzidukɔwo katã dome.’ ”


Nu ka ta nègblɔ nya ɖi ɖe Yehowa ƒe ŋkɔ me be gbedoxɔ sia azu abe Silo ene eye du sia azu aƒedo si me ame aɖeke maganɔ o?” Ale zi ƒo ɖe Yeremia ŋuti le Yehowa ƒe gbedoxɔ la me.


Aleke sika bu eƒe keklẽ eye sika nyui nyɔ vĩ ale! Wokaka kpe kɔkɔeawo ɖe kpɔdome ƒe dzogoewo katã dzi.


Elabena Zion to tsi ƒuƒlu eye amegaxiwo koe le fefem le afi ma.


Miawo ta woaŋlɔ Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo gã ɖeka eye to si dzi gbedoxɔ le la azu togbɛ si zu ave.


“O Lebanon, ʋu wò agbowo da ɖi siaa be dzo nabi wò sedatiwo!


Maƒo dukɔwo katã nu ƒu be woava awɔ avu kple Yerusalem, woaxɔ du la, woalɔ aƒewo katã ƒioƒioƒio, eye woalé nyɔnuwo sesẽtɔe adɔ kpli wo. Woakplɔ du la ƒe afã ayi aboyo mee, gake ame mamlɛawo atsi dua me.


Yesu ɖo eŋu na wo be, “Miele nu siawo katã kpɔma? Mele egblɔm na mi le nyateƒe me be womagblẽ kpe ɖeka pɛ hã ɖe nɔvia dzi o; woagbã nu sia nu aƒu anyi.”


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Èkpɔ xɔ gã siawoa? Mele egblɔm na mi be wole wo gbã ge gudugudu, eye kpe ɖeka pɛ hã masusɔ ɖe nɔvia dzi o.”


Wo katã wodo ɣli biae be, “Aƒetɔ! Ɣe ka ɣi nu siawo ava eme? Dzesi kae ado ŋgɔ na nu siawo?”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa