Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 21:3 - Agbenya La

3 Yesu kpɔe dũu, eye wògblɔ be, “Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe be ahosi dahe sia ƒe nunana sɔ gbɔ sãa wu nunalawo katã ƒe nunana.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Eye wògblɔ bena: Mele egblɔm na mi nyateƒetɔe bena: Ahosi dahe sia tsɔ geɖe de eme wu wo katã;

Onani mutuwo Koperani




Luka 21:3
13 Mawu Ofanana  

Le nyateƒe me la, aƒetɔ la atsɔe aɖo eƒe nuwo katã nu.


Ke ekpɔ ahosi dahe aɖe hã va, eye wòda pesewa eve ko ɖe nudzɔɖaka la me.


Elabena nenem ƒe ame siawo katã ƒe nunana la nye nu si wozã wòsusɔ la, ke ahosi dahe sia ya na nu si ŋu wòle be wòanɔ agbe ɖo la.”


Mele egblɔm na mi kple kakaɖedzi be ahosi geɖewo nɔ Israel le Eliya ŋɔli, esi wotu dziƒo nu ƒe etɔ̃ kple afã, eye dɔwuame sesẽ aɖe va anyigba blibo la dzi.


“Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be mia dometɔ aɖewo siwo le tsitre ɖe afi sia la maku akpɔ o, va se ɖe esime miaƒe ŋkuwo akpɔ mawufiaɖuƒe la!”


Petro ɖo eŋu gblɔ be, “Eme kɔ nam ƒãa azɔ be nyateƒee Mawu mekpɔa ame ŋkume o,


Elabena vavã, Fia Herod kple Pontio Pilato kple ame siwo menye Yudatɔwo o la katã kple Israelviwo gɔ̃ hã le du sia me wɔ ɖeka hetsi tsitre ɖe Viwò Yesu, wò dɔla kɔkɔe si nèsi ami na la ŋu.


Ne enye miaƒe didi be yewoana nu mí la, migatsi dzi le ga home si le mia si la ŋu o. Mawu ƒe didie nye be nàna nu si nàte ŋui, ke menye wu esi le asiwò o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa