7 Mlɔeba la woɖo eŋu nɛ be, “Míenya afi si wòtso o.”
7 Eye woɖo ŋu bena, yewomenya afisi wòtso o.
O! Yehowa, wò abɔ de dzi bobobo, gake womekpɔe o. Na woakpɔ ale si nètsɔ dzo ɖe wò amewo ŋuti ne ŋu nakpe wo; na be dzo si nèdzra ɖo ɖi na wò futɔwo la nava fia wo.
eya ta magana ame siawo ƒe mo nagawɔ yaa kple nukunuwo ƒe nukunu. Nunyalawo ƒe nunya nu ava ayi, eye gɔmesese abu ɖe nugɔmeselawo.”
Metsa ŋku, ke ame aɖeke meli o, ame aɖeke mele wo dome aɖo aɖaŋu o. Ame aɖeke mele wo dome aɖo nya si mebia wo la ŋu nam o.
Ame siawo menya naneke o. Womese naneke gɔme o. Nu tsyɔ woƒe ŋkuwo dzi be womegakpɔ nu o, eye woƒe susuwo me xe be womagase naneke gɔme o.
Yehowa gblɔ nam be, “Tsɔ alẽkplɔla tsibome ƒe lãkplɔnu,
“Baba na alẽkplɔla ɖigbɔ̃ la, ame si gblẽ alẽha la ɖi! Yi nelã eƒe abɔ, eye wòaho eƒe ɖusimeŋku! Eƒe abɔ nedzo ɖo agu, eye eƒe ɖusimeŋku nagbã keŋkeŋ!”
Ne míegblɔ hã be, ‘Amewo gbɔ wòtso la,’ ekema ameha la katã awɔ funyafunya mí, elabena woxɔe se vevie be Yohanes nye nyagblɔɖila.”
Ale Yesu gblɔ na wo be, “Ekema nye hã nyemagblɔ ŋusẽ si metsɔ wɔ nu siawo la na mi o.”
Yesu gblɔ nɛ be, “Nye la, ʋɔnudɔdrɔ̃ ta meva xexea me ɖo, be ŋkuagbãtɔwo nakpɔ nu, eye ame siwo le nu kpɔm la nazu ŋkuagbãtɔwo.”
Gbã la, ele be miase egɔme be le ŋkeke mamlɛawo me la, fewuɖulawo ava, anɔ fewu ɖum, eye woadze woawo ŋutɔ ƒe nudzodzro vɔ̃wo yome.