Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 20:26 - Agbenya La

26 Ale mɔ si wotre nɛ be wòaɖee le ameha la ŋkume la mete ŋu ɖee o. Eƒe nyaŋuɖoɖo la wɔ nuku na wo ale gbegbe be ɖoɖoe zi le wo nu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

26 Eye womete ŋu lée le eƒe nya me le dukɔ la ƒe ŋku me o, eye woƒe mo wɔ yaa le eƒe ŋuɖoɖo la ŋuti, eye wozi kpi.

Onani mutuwo Koperani




Luka 20:26
14 Mawu Ofanana  

Esia ta amegãwo kple dziɖulawo di mɔnuwo be woatsɔ nya ɖe eŋu le eƒe dzikpɔdɔwo wɔwɔ me gake womete ŋui o. Womete ŋu kpɔ nu gbegblẽ aɖeke le eŋu o, eya ta enye ame si dzi woaka ɖo, elabena gbegblẽ menɔ eme o, eye megblẽa dɔ ɖi hã o.


“Fia la biae be, ‘Xɔ̃nye, aleke wɔ mèdo srɔ̃ɖewu hafi va afi sia o?’ Ke ŋutsu la ƒe nu tsi te, elabena menya nya si tututu wòagblɔ o.


Esi wose eƒe ŋuɖoɖoa la, wotsi yaa, elabena ewɔ nuku na wo ŋutɔ be wòɖo nya la ŋu nyuie alea, eya ta wogblẽe ɖi hedzo.


Ke esi Farisitɔwo se be Yesu de ga nu na Zadukitɔwo la, woƒo wo ɖokuiwo nu ƒu,


Yesu ƒe nu ku le aʋafia la ƒe nyawo ŋuti. Azɔ etrɔ ɖe ameha la ŋu gblɔ be, “Le nyateƒe me la, nyemekpɔ xɔse sia tɔgbi le Israelnyigba dzi kpɔ o.


be woalée le eƒe nuƒoƒo me.


Eƒe nya siawo na be ŋu kpe eƒe futɔwo katã, eye ame sia ame kpɔ dzidzɔ le nukunu gã siwo katã wòwɔ la ta.


Esi wonɔ mɔnu dim le eŋu ta la, wodɔ ame aɖewo ɖe egbɔ be woawɔ wo ɖokuiwo abe ame dzɔdzɔewo ene, ne woalée le nya me, ne yewoadee asi na amegãwo kple mɔmefia hena tohehe nɛ.


Azɔ la, míenya be nya sia nya si se la gblɔ la, egblɔe na ame siwo le se la te, be amewo nazi ɖoɖoe, eye Mawu nadrɔ̃ ʋɔnu xexea me katã.


Elabena aglãdzela geɖewo le afi ma, nya dzodzro gblɔlawo kple ameblelawo, vevietɔ ame siwo tso aʋatsotso ƒe kɔmama me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa