Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 20:14 - Agbenya La

14 “Gake esi agblea dzi kpɔlawo kpɔ via wògbɔna la, wogblɔ be, ‘Nu si dim míele la va ɖo. Ame si ava nyi eƒe dome nenye be megali o lae nye esi va do! Mina míawui be eƒe domenyinu nazu mía tɔ.’

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ke esi agbledelawo kpɔe la, wode adaŋu kple wo nɔewo gblɔ bena: Esia nye domenyila la, mina miawui, bena domenyinyi la nazu mía tɔ.

Onani mutuwo Koperani




Luka 20:14
20 Mawu Ofanana  

Biam, ne matsɔ dukɔwo awɔ wò domenyinui kple anyigba ƒe seƒewo ke awɔ tɔwòe.


Matsɔe awɔ nye ŋgɔgbevi kple fia si wodo ɖe dzi wu le anyigbadzifiawo katã dome.


Nusrɔ̃lawo bu be nuɖuɖu si yewometsɔ ɖe asi o la tae wògblɔ nya siawo ɖo.


Yohanes ƒe mawutsidetaname ɖe, afi ka wòtso? Dziƒo wòtso loo alo amewo gbɔ wòtsoa?” Wodzro nya sia me le wo ɖokuiwo dome, eye wogblɔ be, “Ne míegblɔ be, ‘Etso dziƒo’ la, abia mí be, ‘Ekema nu ka ŋuti miexɔ edzi se o ɖo?’


“Esi nuŋeɣi ɖo la, eɖo dɔlawo ɖe agblea dzi kpɔlawo gbɔ be woaxɔ yeƒe viɖe vɛ na ye.


Le esia megbe la, efia nu le gbedoxɔ la me gbe sia gbe, gake nunɔlagãwo, sefialawo kple ame ŋkuta siwo le dua me la nɔ mɔnu dim be yewoaɖe eƒe agbe ɖa.


“Agbletɔ la gblɔ na eɖokui azɔ be, ‘Menya nu si mawɔ! Madɔ vinye lɔlɔ̃tɔ la ɖe wo gbɔ. Meka ɖe edzi be woade bubu eya ŋu.’


Ale wolée, hee do goe le waingblea me heyi ɖawu.” Yesu bia ameha la be, “Nu ka miebu be agbletɔ la awɔ?


Esi nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo se ŋutinya si Yesu gblɔ la, wodi be yewoalée enumake elabena wonya be yewo ŋutie wòdo loa ɖo, gake wovɔ̃ ameha la.


Wodzro nya sia me le wo ɖokuiwo dome, eye wogblɔ be, “Ne míegblɔ be, ‘Etso dziƒo’ la, abia mí be, ‘Ekema nu ka ŋutie miexɔ edzi se o?’


Le ɣeyiɣi sia me la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo nɔ ŋugble dem vevie le mɔ si dzi woato awu Yesu, ale be ʋunyaʋunya madzɔ le dukɔa me o la ŋuti, elabena wonɔ vɔvɔ̃m na dukɔa me viwo.


Azɔ, abe ale si Mawu ŋutɔ wɔ ɖoɖo da ɖi xoxo ene la, eɖe mɔ na mi, mieto nu madzɔmadzɔ wɔlawo ƒe asi dzi, klã Yesu ɖe atitsoga ŋu eye miewui.


Ɛ̃, miewu ame si nye Agbenala la gake Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome. Míawo la, míenye esia ƒe ɖaseɖilawo.


Azɔ esi míenye viawo ta la, míezu eƒe kesinɔnuwo ƒe domenyilawo, Mawu ƒe domenyilawo kple ame siwo anyi dome kple Kristo, ne ele alea be míekpe fu kplii, be míakpɔ gome kplii le eƒe ŋutikɔkɔe me.


Ke le ŋkeke mamlɛtɔ siawo me la, eƒo nu na mí to Via si wòtia be wòanye nuwo katã ƒe domenyila la dzi, ame si dzi hã wòto wɔ xexea me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa