Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 2:33 - Agbenya La

33 Maria kple Yosef ƒe nu ku, eye woƒe mo wɔ yaa le nya siwo katã gblɔm Simeon nɔ le Yesu ŋu ta.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

33 Eye fofoa kple dadaa ƒe mo wɔ yaa le nya, siwo wògblɔ le eyama ŋuti la ta.

Onani mutuwo Koperani




Luka 2:33
8 Mawu Ofanana  

Kpɔ ɖa, nye kple vinye siwo Yehowa nam lae nye esi. Mienye dzesi kple kpɔɖeŋu le Israel tso Yehowa Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ame si le Zion to la dzi la gbɔ.


Esi Yesu ganɔ nu ƒom na ameha la, dadaa kple nɔviŋutsuwo nɔ aƒea godo, eye wonɔ didim be yewoaƒo nu kplii.


Yesu ƒe nu ku le aʋafia la ƒe nyawo ŋuti. Azɔ etrɔ ɖe ameha la ŋu gblɔ be, “Le nyateƒe me la, nyemekpɔ xɔse sia tɔgbi le Israelnyigba dzi kpɔ o.


Woƒe nya la wɔ nuku na ame siwo katã see la ŋutɔ.


Edzilawo menya nu si woagblɔ esi wokpɔe o. Mlɔeba la, dadaa gblɔ nɛ be, “Vinye, nu ka ta nèwɔ nu sia ƒomevi ɖe mía ŋu ɖo? Mí kple fofowò míetsi dzodzodzoe nɔ diwòm le afi sia afi.”


Ale mɔ si wotre nɛ be wòaɖee le ameha la ŋkume la mete ŋu ɖee o. Eƒe nyaŋuɖoɖo la wɔ nuku na wo ale gbegbe be ɖoɖoe zi le wo nu.


Ame sia ame ƒe mo wɔ yaa le ale si Yesu ɖe Mawu ƒe ŋusẽ fiae la ta. Esi ameha la nɔ nu ƒom le nu wɔnuku siwo katã wɔm wònɔ ŋu la, Yesu trɔ ɖe nusrɔ̃lawo gbɔ, gblɔ na wo be,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa