Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 2:27 - Agbenya La

27 Gbɔgbɔ la zi edzi be wòayi gbedoxɔ la me gbe ma gbe. Esi Maria kple Yosef wova be yewoatsɔ Yesu, ɖevi la aɖo Mawu ŋkume le se la ƒe kɔa nu la,

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

27 Eye wòle Gbɔgbɔ la me va mawuxɔa me; eye esi dzilawo yi ɖe eme kple ɖevi Yesu, bena woawɔ nɛ le se la ƒe kɔa nu la,

Onani mutuwo Koperani




Luka 2:27
15 Mawu Ofanana  

Mexɔ anyigbaƒlegbalẽ la, esi nu wotre, eye ɖoɖo si dzi woƒle agblea ɖo la le eme, hekpe ɖe esi nu wometre o la ŋuti.


Esia megbe la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kplɔ Yesu yi gbedzii be Abosam natee kpɔ.


Ke esi wowu ŋutikɔklɔŋkekeawo nu le Mose ƒe seawo nu la, Yosef kple Maria kɔ vidzĩ la yi gbedoxɔ me le Yerusalem be woakɔe aɖo Mawu ƒe ŋkume


Simeon nɔ afi ma xoxo, eye wòxɔ ɖevi la ɖe eƒe abɔwo me henɔ Mawu kafum gblɔ be,


Yesu dzilawo yia Yerusalem ƒe sia ƒe hena Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu.


Edzilawo menya nu si woagblɔ esi wokpɔe o. Mlɔeba la, dadaa gblɔ nɛ be, “Vinye, nu ka ta nèwɔ nu sia ƒomevi ɖe mía ŋu ɖo? Mí kple fofowò míetsi dzodzodzoe nɔ diwòm le afi sia afi.”


Ale Yesu trɔ yi Nazaret kpli wo, eye wònaa bubu edzilawo nyuie ŋutɔ. Ke dadaa tsɔ nya siawo katã ɣla ɖe eƒe dzi me.


Azɔ Yesu si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũu la dzo le Yɔdan tɔsisi la to, eye Gbɔgbɔ la kplɔe yi ɖe Yudea ƒe gbedadaƒo afi aɖe.


Ke esi Petro ganɔ ta me bum le ŋutega la ŋu la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gblɔ nɛ be, “Ame etɔ̃ aɖewo le diwòm le aƒea me,


Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de dzi ƒo nam be magaxa nu be womenye Yudatɔwo o, ke boŋ mayi kpli wo, eya ta nye kple nɔvinye ade siwo le afi sia la míedze mɔ heyi. Eteƒe medidi o la, míeva ɖo ame si dɔ ame ɖo ɖem la ƒe aƒe me le Kaesarea.


Woto Misia liƒo dzi heyina Bitinia lɔƒo. Ke Yesu ƒe gbɔgbɔ gaxe mɔ na wo, eya ta womete ŋu yi Bitinia o,


Gbɔgbɔ Kɔkɔe la gagblɔ na Filipo be, “Te ɖe tasiaɖam la ŋu.”


Ke esi ɣeyiɣi nyuitɔ va ɖo la, Mawu dɔ Via si nyɔnu aɖe dzi le se la te la ɖa


Esime menɔ gbɔgbɔ me le Aƒetɔ la ƒe ŋkekea dzi la, mese gbe sesẽ aɖe le megbenye abe kpẽ ƒe ɖiɖi ene.


Tete mawudɔla la kɔm le gbɔgbɔ me yi gbedzi. Afi ma mekpɔ nyɔnu aɖe si nɔ anyi ɖe lã dzĩ aɖe dzi, esi ŋu busuŋkɔwo le la. Lã la to ta adre kple dzo ewo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa