Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 2:20 - Agbenya La

20 Ale alẽkplɔlawo gatrɔ yi woƒe alẽwo gbɔ le gbea dzi, eye wokafu Mawu, be mawudɔlawo va kpɔ yewo ɖa, eye gawu la, wokpɔ vidzĩ la, abe ale si wògblɔ na wo la ene.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Eye alẽnyilawo gbugbɔ, eye wole ŋutikɔkɔe kple kafukafu tsɔm na Mawu le nusiwo katã wose, eye wokpɔ la ŋuti, abe alesi wogblɔ na wo la ene.

Onani mutuwo Koperani




Luka 2:20
13 Mawu Ofanana  

Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu la, tso mavɔ me yi mavɔ me. Dukɔ blibo la nàgblɔ be, “Amen!” Mikafu Yehowa.


Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta,


Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta.


Woneda akpe na Yehowa le eƒe lɔlɔ̃ si meʋãna o la ta kple eƒe nukudɔ siwo wòwɔna na amewo la ta.


Agava eme be hiãtɔwo akpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ŋu, eye ame dahewo akpɔ dzidzɔ ɖe Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu.


Nyateƒe, vɔvɔ̃ gã aɖe dze ameha blibo la dzi, elabena Yesu wɔ nukunu sia le woawo ŋutɔ ƒe ŋkume wokpɔ, eye wokafu Mawu be wòna ŋusẽ triakɔ sia tɔgbi amegbetɔ!


Egblɔ na eƒe nyaselawo be, “Ame aɖe gbɔna kpuie, si de ŋgɔ wum sãa, nyemedze be mabɔbɔ atu eƒe atokotaŋuka gɔ̃ hã o.


Ŋutsua de asi nukpɔkpɔ me enumake, eye wòdze Yesu yome henɔ Mawu kafum. Ame siwo katã kpɔ nu si dzɔ la hã kafu Mawu.


Esi wose Petro ƒe nya siawo la, woƒe nu ku, eye wokafu Mawu gblɔ be, “Ekema Mawu na mɔnukpɔkpɔ ame siwo menye Yudatɔwo o la hã be woatrɔ dzi me akpɔ agbe.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa