Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 19:9 - Agbenya La

9 Yesu gblɔ nɛ be, “Egbe xɔxɔ va aƒe sia me, elabena ame sia hã la, Abraham vi wònye.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Eye Yesu gblɔ ne bena: Egbe xɔxɔ va aƒe sia me, ɖe esi eya hã nye Abraham vi ŋuti.

Onani mutuwo Koperani




Luka 19:9
15 Mawu Ofanana  

Ke nu vɔ̃ wònye nye ya mewɔ be meɖe ga Yuda nyɔnu, Abraham ƒe dzidzimevi sia, le Dzudzɔgbe ŋkeke dzia? Ame si Satana bla kple dɔléle ƒe wuienyi sɔŋ la?”


Mina nya sia nanɔ susu me na mi be ame siwo womebuna ɖe naneke me fifia o la axɔ bubu gã aɖe le dziƒo, eye ame siwo nye ame ŋkutawo le afi sia la, womabu wo ɖe naneke me le afi ma o.”


Edo ɣli sesĩe be, ‘Fofo Abraham, kpɔ nye nublanui! Dɔ Lazaro ɖa be wòade eƒe asibidɛ tsi me atsɔ age ɖe nye aɖe dzi be nye dzi nafa vie, elabena nye ve me ƒu kplakplakpla le dzo gã sia me.’


“Egblɔ be, ‘Ao, Fofo Abraham, nenye be ame aɖe atso ame kukuwo dome ayi wo gbɔ la, woatrɔ dzi me.’


Elabena nye ŋkuwo kpɔ wò ɖeɖe,


Gbã la, miyi ne miaɖee fia be yewotrɔ dzi me to agbe nyui nɔnɔ me. Migabu be nya vɔ̃ aɖeke madzɔ ɖe mia dzi, elabena mienye Abraham ƒe dzidzimeviwo ta o. Esia ɖeɖe menye naneke o, elabena Mawu ate ŋu ana kpe siawo natrɔ zu viwo na Abraham.


Eya ta ŋugbedodo la vana to xɔse me be wòanye amenuveve, eye wòanye Abraham ƒe dzidzimeviwo katã, menye ame siwo le se la te ɖeɖe ko o, ke boŋ ame siwo si xɔse le abe Abraham ene. Eyae nye mí katã fofo.


Eɖe mí bena Abraham ƒe yayra nava ame siwo menye Yudatɔwo o la dzi to Kristo Yesu me, ale be to xɔse me la, míaxɔ Gbɔgbɔ la ƒe ŋugbedodo.


Ne mienye Kristo tɔ la, ekema mienye Abraham ƒe dzidzimeviwo kple domenyilawo le ŋugbedodo la nu.


Eya ta mise egɔme be ame siwo si xɔse le la, woawoe nye Abraham ƒe viwo.


Tsã la, mienye dukɔ o, ke azɔ la, miezu Mawu ƒe dukɔ. Tsã la, womekpɔ nublanui na mi o, ke azɔ la, wokpɔ nublanui na mi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa