Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 19:13 - Agbenya La

13 Hafi wòadzo la, eyɔ eƒe dɔlawo dometɔ ewo ƒo ƒui, eye wòtsɔ ga sidi akpe eve na wo dometɔ ɖe sia ɖe eye wògblɔ na wo be, ‘Mitsɔ ga sia nɔ asi tsamii hafi magbɔ.’

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Eye esi wòyɔ eƒe dɔlawo dome ame ewo ve la, etsɔ pounde ewo na wo, eye wògblɔ na wo bena: Mitrɔ le wo dzi, vaseɖe esime magagbɔ.

Onani mutuwo Koperani




Luka 19:13
15 Mawu Ofanana  

Ame si xɔ sidi akpe atɔ̃ la de asi asitsatsa me kplii enumake, eye eteƒe medidi hafi wògakpɔ sidi akpe atɔ̃ ɖe gatia dzi o.


Ame si wòtsɔ sidi akpe atɔ̃ na la tsɔ sidi akpe ewo vɛ nɛ.


“Ame si xɔ sidi akpe eve la hã va gblɔ na Aƒetɔ la be, ‘Aƒetɔ, ètsɔ sidi akpe eve nam, gake megakpɔ sidi akpe eve bubu ɖe edzi.’


“Ame si xɔ sidi akpe ɖeka la hã va do, eye wòdo dzi gblɔ na Aƒetɔ la be, ‘Aƒetɔ, menya be wò nya ɖe wòsẽ; eŋea nu le afi si mèƒã nu ɖo o, eye nèƒoa nu ƒu le afi si mewu nu ɖo o,


“Bubume aɖe si nɔ nuto aɖe me le anyigba aɖe dzi la xɔ du be wòava anyigba la ƒe du gãtɔ me, ale be woatsɔe aɖo fiae ɖe eƒe nutometɔwo nu.


“Gake eteviwo lé fui, eye wodɔ amewo ɖo ɖe eyome gblɔ be, ‘Míele ame sia dim be wòaɖu fia ɖe mía dzi o.’


“Ame si subɔam la, ele be wòadze yonyeme, be afi si mele la, nye subɔla hã nanɔ afi ma. Fofonye ade bubu ame si subɔam la ŋu.


Nyemele agbagba dzem be madze amegbetɔwo ŋu o, ke boŋ be madze Mawu ŋu. Nyemele agbagba dzem be madze amewo ŋu o. Nenye ɖe mele agbagba dzem be madze amewo ŋu la, ne nyemenye Kristo ƒe dɔla o.


Nye, Yakobo, Mawu kple Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe dɔla gbɔe agbalẽ sia tso, Na Mawu ƒe ame siwo kaka ɖe xexea me godoo: Mele gbe dom na mi katã.


Nye, Simɔn Petro, Yesu Kristo ƒe dɔla kple apostolo gbɔe agbalẽ sia tso, Na ame siwo, to míaƒe Mawu kple Yesu Kristo ƒe dzɔdzɔenyenye me la hã xɔ xɔse si xɔ asi abe mía tɔ ene la:


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa