42 Yesu gblɔ nɛ be, “Enyo wò ŋkuwo neʋu nakpɔ nu. Wò xɔse da gbe le ŋuwò.”
42 Eye Yesu gblo nɛ bena: Kpɔ nu, wò xɔse la ɖe wò.
Edɔ eƒe nya ɖa, eye wòyɔ dɔ wo, heɖe wo tso tsiẽƒe.
Elabena eƒo nu, eye wòva dzɔ; eɖe gbe, eye wòli ke goŋgoŋgoŋ.
Yesu gblɔ nɛ be, “Nyɔnu, wò xɔse lolo ŋutɔ! Nu si dim nèle la neva eme na wò.” Eye enumake via nyɔnuvi la ƒe lãme sẽ.
Enumake Yesu ka asi ŋutsu la ŋu gblɔ nɛ be, “Mèlɔ̃, ŋutiwò nekɔ.” Ale anyidɔ la bu le eŋuti enumake.
Yesu trɔ ɖe eŋu gblɔ nɛ be, “Vinyɔnuvi, wò dzi nedze eme! Wò xɔse la da gbe le ŋuwò.” Tso gbe ma gbe ko la, nyɔnu la ƒe dɔa vɔ nɛ keŋ.
Yesu gblɔ na ŋutsua be, “Tso nàdzo, wò xɔse da gbe le ŋuwò.”
Esi wòva la, Yesu biae be, “Nu ka dim nèle tso asinye?” Ŋkuagbãtɔ la ɖe kuku nɛ gblɔ be, “Aƒetɔ medi be makpɔ nu!”
Yesu gagblɔ na nyɔnu la be, “Wò xɔse ɖe wò, heyi le ŋutifafa me.”
Yesu gblɔ nɛ be, “Vinyɔnu, wò xɔse da gbe le ŋuwò. Heyi le ŋutifafa me.”