Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 18:3 - Agbenya La

3 Ahosi aɖe si hã nɔ dua me la vaa ʋɔnudrɔ̃la sia gbɔ gbe sia gbe va nɔ kuku ɖem nɛ be, ‘Ɖem le nye ketɔ si me.’

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ke ahosia ɖe nɔ du ma me, eye wòvaa egbɔ enuenu gblɔna bena: Ɖem le nye ketɔ si me.

Onani mutuwo Koperani




Luka 18:3
13 Mawu Ofanana  

Èɖo ahosiwo ɖa asi ƒuƒlu eye nèɖe tsyɔ̃eviwo ƒe ŋusẽ ɖa.


Ame si le kukum la ƒe yayra vaa dzinye eye menana ahosi ƒe dzi kpɔa dzidzɔ.


ne miasrɔ̃ nyuiwɔwɔ! Midi nuteƒewɔwɔ, eye mide dzi ƒo na ame siwo wote ɖe anyi. Miʋli tsyɔ̃eviwo ta, eye miaxɔ nya ɖe ahosiwo nu.


eye woda ami hezrɔ̃ lãlãlã. Seɖoƒe meli na woƒe nu tovowo wɔwɔ o, womexɔa nya ɖe tsyɔ̃eviwo nu be woaɖu dzi o, eye womeʋlia ame dahewo ƒe ablɔɖevinyenye ta o.”


“Wɔ ɖeka kple wò futɔ si kplɔ wò yina ʋɔnui la kaba esi miegale mɔa dzi ko. Ne menye nenema o la, atsɔ wò ade asi na ʋɔnudrɔ̃la, ʋɔnudrɔ̃la hã atsɔ wò ade asi na asrafomegã, eye woade wò mɔ.


Egblɔ na wo be, “Ʋɔnudrɔ̃la aɖe nɔ du gã aɖe me. Ame sia mevɔ̃a Mawu o, eye mebua ame aɖeke hã ɖe naneke me o.


“Hena ɣeyiɣi aɖe la, egbe be yemaɖo toe o. Ke mlɔeba la, egblɔ na eɖokui be, ‘Togbɔ be nyemevɔ̃a Mawu alo bua amewo ɖe naneke me o hã la,


le ahosi sia ƒe fuɖeɖe nam atraɖii ta la, makpɔ egbɔ be wotrɔ nu si nye etɔ la nɛ ale be magana be nu nati kɔ nam mlɔeba la le eƒe fuɖeɖe nam ta o!’ ”


“Mawu ƒe fiƒode nava ame sia ame si aba amedzro, tsyɔ̃evi kple ahosi aɖe la dzi.” Eye ameawo katã ado ɣli be, “Amen; neva eme nenema!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa