Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 18:20 - Agbenya La

20 Ke le wò biabia ŋu la, magblɔ be ènya seawo xoxo be, ‘Mègawɔ ahasi o, mègafi fi o, mègawu ame o, mègada alakpa o, bu fofowò kple dawò kple bubuawo.’ ”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Enya seawo bena: Megawɔ ahasi o; megawu ame o; megafi fi o; megaɖi aʋatsoɖase o; bu fofowò kple dawò.

Onani mutuwo Koperani




Luka 18:20
15 Mawu Ofanana  

Mitrɔ ɖe nye nufiafia kple ɖaseɖiɖiwo ŋu. Ne nu siwo wogblɔ mesɔ kple nye nyawo o la, ekema kekeli alo nyateƒe aɖeke mele wo tɔwo me o.


Yesu biae be, “Ebu be ènya nu si gblɔm nèle esi nèyɔm be ame nyuia? Le nyateƒe me la, ame aɖeke menyo o, negbe Mawu ɖeka ko.


Ŋutsua ɖo eŋu nɛ be, “Mewɔ ɖe se siawo katã dzi tso keke nye ɖevime ke.”


Ke nya si woŋlɔ ɖi bena: “Mègawɔ ahasi o,” “Mègawu ame o,” “Mègafi fi o,” “Mègabiã ŋu o,” eye ne se bubu aɖe gali si ƒo esiawo ta la, ekema eyae nye: “Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene.”


Eya ta Mawu matso afia na ame aɖeke be ele dzɔdzɔe to se la dzi wɔwɔ me o; ke boŋ to se la me la, míedea dzesi nu vɔ̃.


“Bu fofowò kple dawò,” esiae nye sedede gbãtɔ si ŋuti ŋugbedodo kpe ɖo,


Mi ɖeviwo la, ele be miabu mia fofowo kple mia dadawo ɣe sia ɣi, elabena esiae dze Aƒetɔ la ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa