Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 18:19 - Agbenya La

19 Yesu biae be, “Ebu be ènya nu si gblɔm nèle esi nèyɔm be ame nyuia? Le nyateƒe me la, ame aɖeke menyo o, negbe Mawu ɖeka ko.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Ke Yesu gblɔ nɛ bena: Nuka nèle yɔyem be nyui mahã? Amea ɖeke mele nyui o, negbe Mawu ɖeka ko.

Onani mutuwo Koperani




Luka 18:19
10 Mawu Ofanana  

Ame ka ate ŋu aɖe nu dzadzɛ tso nu si medza o la me? Ɖeka pɛ teti hã o!


Ekema aleke amegbetɔ anye dzɔdzɔetɔ le Mawu ŋkume? Aleke amegbetɔ, nyɔnu tɔ dzidzia, anɔ dzadzɛe?


Mawudɔla la ɖo eŋu be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ava dziwò, eye Dziƒoʋĩtɔ la ƒe ŋusẽ ayɔ mewò, eya ta ɖevi si nàdzi la anɔ Kɔkɔe, eye wòanye Mawu ƒe Vi.


“Azɔ nenye be mi ame siwo nye nu vɔ̃ wɔlawo mienaa nu nyui mia viwo la, ɖe mienya be mia Fofo si le dziƒo la anyo dɔ me, ana Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ame siwo biae la oa?”


Gbe ɖeka la, Yudatɔwo ƒe kplɔla ɖeka biae be, “Nufiala nyui, nu ka tututu wòle be mawɔ hafi ate ŋu anyi agbe mavɔ dome?”


Ke le wò biabia ŋu la, magblɔ be ènya seawo xoxo be, ‘Mègawɔ ahasi o, mègafi fi o, mègawu ame o, mègada alakpa o, bu fofowò kple dawò kple bubuawo.’ ”


Enye nyateƒe be mawumegbenɔnɔ mele bɔbɔe o, gake ele bɔbɔe le Kristo ta, ame si va anyigba dzi abe ame ene. Ɖiƒoƒo aɖeke menɔ eŋuti o, eye wòdza le eƒe gbɔgbɔ me. Mawudɔlawo kpɔe, eye wogblɔ mawunya tso eŋuti le dukɔwo dome. Amewo xɔ edzi se le afi sia afi si wòyi, eye wogaxɔe ɖe eƒe ŋutikɔkɔe me le dziƒo.


Ekema Yesue nye nunɔlagã ma si kpɔa míaƒe hiahiãwo gbɔ, ame si le kɔkɔe, kpɔtsɔtsɔ mele eŋu o, ame si le dzadzɛe, ame si woɖe ɖe aga tso nu vɔ̃ wɔlawo gbɔ, eye wokɔe ɖe dzi gbɔ dziƒowo ŋui.


Nunana nyui kple nunana deblibo ɖe sia ɖe la, dziƒo wòtsona, tso dziƒokekeli ƒe Fofo la gbɔ, ame si metrɔna abe ale si vɔvɔli trɔna ene o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa