Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 17:25 - Agbenya La

25 Gake gbã la, ele be makpe fu vevie, eye dukɔ blibo sia nagbe nu le gbɔnye.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Gake ele nɛ gbã be, wòakpe fu geɖe, eye dzidzime sia lado vloe.

Onani mutuwo Koperani




Luka 17:25
18 Mawu Ofanana  

Amewo do vloe, eye wogbee. Ŋutsu si dzi vevesese kple fukpekpe le la wònye. Ele abe ame si ta amewo tsɔ nu tsyɔ ŋkume ɖo la ene. Wodo vloe, eye míebui ɖe naneke me o.


Tso azɔ dzi heyi la, Yesu ƒoa nu na eƒe nusrɔ̃lawo tso eƒe Yerusalem yiyi kple nu siwo adzɔ ɖe edzi le afi ma la ŋuti. Egblɔ na wo be, le Yerusalem la, Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo, agbalẽfialawo kple dumegãwo awɔ fu ye, eye woawu ye, gake yeagafɔ le ŋkeke etɔ̃a gbe.


Yesu gabia wo be, “Miexlẽ le mawunya me kpɔ be, “ ‘Kpe si xɔtulawo gbe be yewomazã o lae va zua dzogoedzikpe na xɔ la oa? Esia menye nu wɔnuku aɖe si Aƒetɔ la wɔ oa’?


Egblɔ na wo be, “Ne míeɖo afi ma la, woalé Amegbetɔ Vi la akplɔ ayi na nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo. Ame siawo atso kufia nɛ, akplɔe ade asi na ame siwo menye Yudatɔwo o la be woawu.


Mieɖo ŋku edzi be miexlẽ le mawunya me kpɔ be, “ ‘Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zua dzogoedzikpe oa?


Azɔ Yesu de asi nufiafia wo me be edze be Amegbetɔ Vi la nakpe fu geɖewo. Egblɔ na wo be dumegãwo kple nunɔlagãwo agbe nu le ye gbɔ. Sefialawo hã agbe ye, eye woawu ye, gake yeagafɔ le ŋkeke etɔ̃ megbe.


edi be yeakpɔ ɣeyiɣi geɖe afia nu yeƒe nusrɔ̃lawo. Zi geɖe ne ele nu fiam wo la, egblɔna na wo be, “Woade Amegbetɔ Vi la asi, woawui, gake le ŋkeke etɔ̃ megbe la, magatsi tsitre tso ame kukuwo dome.”


Azɔ Yesu yɔ nusrɔ̃la wuieveawo va eɖokui gbɔ, gblɔ na wo be, “Abe ale si mienyae ene la, míeyina Yerusalem. Ne míeɖo afi ma la, nyagblɔɖi siwo katã nyagblɔɖilawo gblɔ ɖi tso Amegbetɔ Vi la ŋu la le eme va ge.


aƒom, eye woawum. Eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, mafɔ tso ku me.”


Yesu yi edzi be, “Vavã, woŋlɔe ɖi tso gbe aɖe gbe ke be ele na Kristo la be wòakpe fu, eye wòaku, eye le ŋkeke etɔ̃a gbe la, wòagatsi tsitre tso ame kukuwo dome.


Eyi edzi gblɔ na wo be, “Ele be Amegbetɔ Vi la nakpe fu geɖe, eye dumegãwo, nunɔlagãwo kple sefialawo agbe nu le egbɔ. Woawui, gake agafɔ le ŋkeke etɔ̃a gbe.”


Eva eya ŋutɔ tɔwo gbɔ, gake eya ŋutɔ ƒe amewo mexɔe o.


Esia ɖo kpe Nyagblɔɖila Yesaya ƒe nya dzi be, “Aƒetɔ, ame kae xɔ míaƒe nya dzi se? Eye ame kae woɖe Mawu ƒe ŋusẽ gã la fia?”


Ke, azɔ la, miegbe nu le miaƒe Mawu si ɖe mi tso dzɔgbevɔ̃ewo kple xaxawo katã me gbɔ hegblɔ be, ‘Ɖo fia na mí!’ Eya ta mido ɖe Yehowa ŋkume le miaƒe towo kple hlɔ̃wo me.”


Yehowa gblɔ na Samuel be, “Wɔ nu si wobia tso asiwò la na wo elabena menye wòe wogbe o, ke boŋ nyee wogbe abe woƒe fia ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa