Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 17:14 - Agbenya La

14 Yesu trɔ kpɔ wo hegblɔ na wo be, “Miyi ɖe nunɔlawo gbɔ miatsɔ mia ɖokuiwo fia be yewo ŋuti kɔ!” Esi wonɔ mɔa dzi yina la, wokpɔe be kpodɔ la bu le yewo ŋu.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Eye esi wòkpɔ wo la, egblɔ na wo bena: Miheyi ɖatsɔ mia dokui tia nunɔlawo. Eye wòva ve me, esi woyina la, wo ŋuti kɔ.

Onani mutuwo Koperani




Luka 17:14
11 Mawu Ofanana  

Ale Naaman yi Yɔdan tɔsisi la me eye wòdo ɖi ɖe tɔsisi la me zi adre abe ale si Mawu ƒe ame la bia tso esi be wòawɔ ene. Eƒe ŋuti zrɔ̃ hekɔ enumake abe ŋutsuvi sue aɖe tɔ ene.


Matɔ hafi woayɔm. Ne wogale nuƒoƒo dzi la, masee.


Yesu gblɔ nɛ be, “Meɖe kuku, de mawutsi ta nam ko, elabena ele nam be mawɔ nu siwo katã woɖo da ɖi la.” Ale Yohanes lɔ̃ de mawutsia ta nɛ.


Azɔ Yesu de se nɛ be, “Mègagblɔ nu sia na ame aɖeke o, ke boŋ yi nàtsɔ ɖokuiwò fia nunɔla la, eye nàna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene.”


Gake ne ele zɔzɔm le zã me la, akli nu, elabena viviti do.”


Gake Yesu dada gblɔ na subɔlawo be, “Miwɔ nu sia nu si wòbe miawɔ.”


Azɔ egblɔ nɛ be, “Yi nàle tsi le Siloam Ta la me” (Siloam gɔmee nye, “Wodɔe ɖa”). Ŋkuagbãtɔ la yi ɖawɔ abe ale si Yesu gblɔ nɛ la ene, eye enumake eƒe ŋkuwo ʋu, wòkpɔ nu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa