Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 17:10 - Agbenya La

10 Alea kee nenye be mieɖo tom la, mele be miabu be ele be makafu mi o, elabena miagblɔ be, ‘Dɔla madzemadzewo míenye, míaƒe dɔdeasi ko míewɔ!’ ”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Nenema ke miawo hã, ne miewɔ nusiwo katã woɖo na mi la, migblɔ bena: Dɔla madzemadzewo míenye; nusi le na mi be, miawo la, eya koe miewɔ.

Onani mutuwo Koperani




Luka 17:10
20 Mawu Ofanana  

Eye megblɔ be, “Alele! Evɔ nam azɔ, elabena nu vɔ̃ wɔla, nuyi makɔmakɔtɔ menye, eye mele dukɔ si ƒe nuyi mekɔ o, eye wonye vɔ̃wɔlawo la dome; evɔ la, metsɔ nye ŋkuwo kpɔ Fia, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la.”


Mí katã míele abe ame makɔmakɔwo ene, eye míaƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo katã le abe ɖovu ƒoɖi ene. Mí katã míeyrɔ abe aŋgba ene, eye míaƒe nu vɔ̃wo lɔ mi ɖe nu hoo abe ya ene.


Woge ɖe anyigba la dzi hexɔe gake womeɖo to wò alo wɔ wò seawo dzi o. Womewɔ nu siwo ƒe se nède na wo be woawɔ la o, eya tae nèhe gbegblẽ sia katã va wo dzii ɖo.


Woatsɔ dɔla ɖigbɔ̃ sia aƒu gbe ɖe viviti si do tsiɖitsiɖi la me, afi ma avifafa kple aɖukliɖuɖu anɔ.’


Esi wonɔ woƒe mɔzɔzɔ dzi ɖo ta Yerusalem la, wova ɖo Galilea kple Samaria ƒe liƒo dzi.


Ɖe wòada akpe na dɔla la, elabena ewɔ nu si wògblɔ nɛ be newɔa?


“Ame kae tre nunana Mawu, be wòagaɖo eteƒe nɛ mahã?”


Ame sia ame tra mɔ; wo katã wogblẽ; ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o; ame ɖeka pɛ hã meli o.


Tsã la, ŋudɔwɔnu aɖeke menɔ eŋu na wò o, ke azɔ la, etrɔ zu ŋudɔwɔnu na nye kpli wò siaa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa