Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 16:3 - Agbenya La

3 “Gakɔntametola la yi ta me sẽe, eye wòbia eɖokui be, ‘Nu ka mawɔ fifia? Nye aƒetɔ nyam le afi sia, evɔ ŋusẽ hã mele ŋunye be mayi aɖawɔ dɔ sesẽ aɖeke o, eye nyemate ŋu abia nu hã o, elabena esia aɖe dzinye kpɔtɔ akpa.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ke xɔnuvi la gblɔ le ye ŋutɔ ɖokui me bena: Nuka wɔ ge mala? Elabena nye aƒetɔ le xɔnuvinyenye la xɔm le asinye, nyemate ŋu ade agble o, eye migabia kpea ŋu nam.

Onani mutuwo Koperani




Luka 16:3
26 Mawu Ofanana  

Ale Haman yi fia la gbɔ, eye fia la biae be, “Nu ka woawɔ atsɔ ade bubu ame aɖe si ŋu mekpɔ ŋudzedze tɔxɛ le la?” Tete Haman bu le eƒe ta me be, “Ame ka gɔ̃ ŋu fia la ade bubui ne menye nye ko oa?”


Nu dzroa kuviatɔ vevie gake mekpɔa naneke o, ke vevidonula ƒe didiwo vaa eme nɛ.


Ŋuwo le kuviatɔ ƒe mɔ dzi, ke dzɔdzɔetɔ ƒe mɔ nye mɔtata.


Ame si wɔa alɔgblɔdɔ le eƒe dɔ ŋuti la nye nugblẽla nɔvi.


Kuvia nana ame dɔa alɔ̃ yia eme ʋĩi eye dɔ wua ƒomewɔla.


Kuviatɔ meŋlɔa agble le agbledeɣi o, eya ta edia nu le nuŋeɣi doa kpoe.


Ne ŋutsu aɖe wɔ vi na eƒe subɔviŋutsu tso eƒe ɖevime la, ahe nuxaxa vɛ le nuwuwua.


Nu ka miawɔ le akɔntanagbe la esi gbegblẽ atso adzɔge ava? Ame ka gbɔ miasi ayi wòana kpekpeɖeŋu mi? Afi ka miagble miaƒe kesinɔnuwo ɖo?


Nyagblɔɖilawo gblɔ aʋatsonyawo ɖi. Nunɔlawo le nuwo wɔm le woawo ŋutɔ ƒe ŋusẽ me eye wòdze nye dukɔ ŋu alea. Ke nu ka nàwɔ le nuwuwu?”


Ekema nu ka miawɔ le ŋkeke kɔkɔewo kple Yehowa ƒe ŋkekenyuiwo dzi?


“Azɔ esi fiẽ ɖo la, agbletɔ la yɔ eƒe gadzikpɔla be neva xe fe na dɔwɔlawo, eye wòadze egɔme tso ame siwo wòɖo ɖe agble la me mamlɛa la dzi.


Azɔ wova ɖo Yeriko. Emegbe la, esi woto dua me yina la, amewo nye zi bibibi kplɔ wo ɖo. Ŋkunɔ nubiala aɖe si ŋkɔe nye Bartimeo (Timeo ƒe vi la), nɔ anyi ɖe mɔto.


Le nyateƒe me, eƒe nukuawo wɔ ale gbegbe be eƒe avawo katã yɔ fũu gbã go, eye megakpɔ nɔƒe na mamlɛawo gɔ̃ hã o. Ebu ta me le nu si wòawɔ la ŋu vevie,


“Le esia ta la, kesinɔtɔ la yɔe gblɔ nɛ be, ‘Nya kawoe nye esiawo mese le ŋuwò be èle nye nuwo fim? Wɔ akɔnta le ga siwo katã nèxɔ la ŋu nam, elabena tso egbea dzi la, menya wò le dɔ me.’


Ŋutsu dahe aɖe si ŋkɔe nye Lazaro, ame si ƒe ŋuti yɔ fũu kple abiwo, eye wònye nubiala la va mlɔa kesinɔtɔ sia ƒe agbo nu.


“Mlɔeba la, Lazaro nubiala la va ku, eye mawudɔlawo va kɔe yi Abraham gbɔ afi si ame dzɔdzɔewo nɔna. Kesinɔtɔ la hã ku mlɔeba, eye woɖii.


Menya nu si mawɔ! Ele be madi xɔlɔ̃wo fũu, esiwo gbɔ maɖu nu le ne medzudzɔ dɔa.’


“Hena ɣeyiɣi aɖe la, egbe be yemaɖo toe o. Ke mlɔeba la, egblɔ na eɖokui be, ‘Togbɔ be nyemevɔ̃a Mawu alo bua amewo ɖe naneke me o hã la,


Ŋutsu sia ƒe aƒelikawo kple ame siwo katã nyae tsã be nubiala wònye la bia wo nɔewo be, “Alo ɖe menye ŋkuagbãtɔ ma si nɔ nu biam lae nye esia oa?”


Esi woɖo gbedoxɔ la gbɔ la, wokpɔ ŋutsu tekunɔ aɖe si wokɔ va da ɖe gbedoxɔ la ƒe agbo si woyɔna be, “Agbo Nyui” la nu. Amea nye tekunɔ tso eƒe dzɔdzɔme ke, eye gbe sia gbe la, wokɔnɛ va dana ɖe agbo sia nu be wòabia nu le ame siwo yina gbedoxɔ me la si.


Azɔ tsi tsitre nàyi Damasko dua me; ne èɖo afi ma la, woagblɔ nu siwo nàwɔ la na wò.”


Gake míese be mia dometɔ aɖewo le kuvia wɔm, wogbe be yewomawɔ dɔ aɖeke o, eye wogblẽa woƒe ɣeyiɣi ɖe amenyagbɔgblɔ ŋu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa