Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 16:24 - Agbenya La

24 Edo ɣli sesĩe be, ‘Fofo Abraham, kpɔ nye nublanui! Dɔ Lazaro ɖa be wòade eƒe asibidɛ tsi me atsɔ age ɖe nye aɖe dzi be nye dzi nafa vie, elabena nye ve me ƒu kplakplakpla le dzo gã sia me.’

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 Eye wòdo ɣli gblɔ bena: Fofo Abraham, ve nunye, eye nadɔ Lazaro ɖa bena woatsɔ eƒe asibidenu ata tsi me, eye wòafa aɖe nam, elabena mele fu kpem le dzo ƒe aɖe sia me.

Onani mutuwo Koperani




Luka 16:24
29 Mawu Ofanana  

Naneke masusɔ nɛ esi wòavuvu o eƒe kesinɔnuwo matɔ ɖi o.


Wainka la kuna, ŋena dzea anyi, eye nyɔnuwo fɔnɛ doa dzoe, elabena wonye ame masenugɔmewo. Eya ta woƒe Wɔla metrɔ dɔ me ɖe wo ŋu o, eye woƒe Wɔla meve wo nu o.


Woado go aɖakpɔ ame siwo dze aglã ɖe ŋunye la ƒe kukuawo, elabena woƒe nyewo maku o, woƒe dzowo matsi o, eye woanye ŋunyɔ na amegbetɔƒomea katã.”


Esiae nye dɔvɔ̃ si Yehowa akplɔ aƒu dukɔ siwo katã wɔ avu kple Yerusalem: woƒe ŋutilãwo aƒaƒã le esime wogale afɔ dzi le yiyim. Woƒe ŋkuwo avo ɖe tome na wo, eye woƒe aɖewo aƒaƒã ɖe nu me na wo.


“Azɔ matrɔ ɖe ame siwo le nye miame la ŋu agblɔ na wo be, ‘Mite ɖa le gbɔnye, mi ame siwo woƒo fi de la. Miyi dzomavɔ si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me,


Migabui ne mianɔ gbɔgblɔm na mia ɖokuiwo be, ‘Mía fofoe nye Abraham’ o. Mele egblɔm na mi be Mawu ate ŋu ana kpe siawo natrɔ azu viwo na Abraham.


Ke nye la, mele egblɔm na mi be, ame si ado dɔmedzoe ɖe nɔvia ŋu la, woakplɔe ayi ʋɔnui. Nenema ke ame si agblɔ na nɔvia be, ‘Mènyo na naneke o’ la, woahee va Sanhedrin la ƒe ŋkume. Ke ne ame aɖe agblɔ be, ‘Èdzɔ lã!’ la, ayi dzomavɔʋe la me.


“Egblɔ be, ‘Ao, Fofo Abraham, nenye be ame aɖe atso ame kukuwo dome ayi wo gbɔ la, woatrɔ dzi me.’


Yesu gblɔ nɛ be, “Egbe xɔxɔ va aƒe sia me, elabena ame sia hã la, Abraham vi wònye.


Gbã la, miyi ne miaɖee fia be yewotrɔ dzi me to agbe nyui nɔnɔ me. Migabu be nya vɔ̃ aɖeke madzɔ ɖe mia dzi, elabena mienye Abraham ƒe dzidzimeviwo ta o. Esia ɖeɖe menye naneke o, elabena Mawu ate ŋu ana kpe siawo natrɔ zu viwo na Abraham.


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne ɖe nènya Mawu ƒe nunana kple ame si ƒomevi le tsi biam wò la, anye ne èbiae, eye wòana agbetsi wò.”


Le nyateƒe me la, tsi si manae la azu agbetsi, anɔ sisim le eme si ahe agbe mavɔ vɛ.”


Le Agbadɔmeŋkekenyui la ƒe ŋkeke mamlɛtɔ kple gãtɔ dzi la, Yesu nɔ tsitre, eye wòdo ɣli sesĩe gblɔ na ameha la be, “Ne tsikɔ le mia dometɔ aɖe wum la, neva gbɔnye wòano tsi.


Abraham ganye ame siwo katã wotso aʋa na la fofo, ame siwo mexɔ aʋatsotso ɖeɖe ko o, ke boŋ wonɔ agbe le xɔse me abe ale si mía fofo Abraham hã nɔ agbee hafi wotso aʋa nɛ ene.


Adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo katã medi be yewoanya Mawu o kple ame siwo katã meɖoa to míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nyanyui la o.


Elabena ʋɔnudɔdrɔ̃ si me nublanuikpɔkpɔ mele o la woatsɔ na ame si mekpɔa nublanui o. Nublanuikpɔkpɔ ɖua ʋɔnudɔdrɔ̃ dzi.


Aɖe ŋutɔ hã nye dzo; enye xexeme vɔ̃ɖi le ŋutinuwo dome. Egblẽa ameti blibo la dome. Etɔa dzo ame ƒe agbenɔnɔ blibo la, eye mlɔeba la, wòtɔa dzo eya ŋutɔ hã le dzomavɔʋe me.


Ke wolé lã wɔadã la kple aʋatsonyagbɔɖila la, ame si wɔ nukunu geɖewo le eƒe ŋkɔ me. Etsɔ dzesi siawo ble ame siwo xɔ lã wɔadã la ƒe dzesi, ame siwo hã subɔ eƒe legba la. Wotsɔ wo kple eve la katã ƒu gbe ɖe aŋɔdzota si le bibim la me agbagbee.


Ne womekpɔ ame aɖe ƒe ŋkɔ le agbegbalẽ la me o la, wotsɔnɛ ƒua gbe ɖe dzota la me.


Tete mawudɔla la fia agbetsitɔsisi lam, eye eme kɔ keŋkeŋkeŋ abe kristalokpe ene; ele sisim tso Mawu ƒe fiazikpui la kple Alẽvi la gbɔ


Samuel ɖo eŋu be, “Nu ka ta nàbiam esi Yehowa gblẽ wò ɖi eye wòzu wò futɔ?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa