Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 16:13 - Agbenya La

13 “Ame aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o. Agbe nu le ɖeka gbɔ, eye wòatsɔ lɔlɔ̃ na evelia, alo aku ɖe ɖeka ŋuti, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu asubɔ Mawu kple ga o.”

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Dɔlaa ɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; elabena ɖewo alé fu ɖeka, eye woalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ɖeka ŋuti, eye wòado vlo evelia. Miate ŋu asubɔ Mawu kple anyigbadzinuwo o.

Onani mutuwo Koperani




Luka 16:13
12 Mawu Ofanana  

Yesu blu ɖe Satan ta be, “Satana, te ɖa le gbɔnye! Mèse mawunya gblɔ be, ‘Aƒetɔ wò Mawu la ko nàsubɔ, eya ko wòle be nàɖo toe oa?’ ”


“Ame aɖeke mate ŋu asubɔ aƒetɔ eve o; alé fu ɖeka, eye wòalɔ̃ evelia, alo aku ɖe ɖeka ŋu vevie, eye wòagbe nu le evelia gbɔ. Màte ŋu asubɔ Mawu kple ga o.


“Ame si mele dzinye o la, etsi tsitre ɖe ŋunye, eye ame si meƒoa ƒu nuwo kplim o la eyae kanɛ hlẽna.”


“Ame si di be yeanɔ yonyeme la, ele nɛ be wòalɔ̃m wu fofoa, dadaa, srɔ̃a, viawo, nɔvia ŋutsu alo nɔvia nyɔnu. Ɛ̃, le nyateƒe me, ele nɛ be wòalɔ̃m wu eya ŋutɔ ƒe agbe gɔ̃ hã. Ne menye nenema o la, mate ŋu anye nye nusrɔ̃la o.


Eye nenye be mieɖia anukware le ame bubuwo ƒe nu siwo wotsɔ de mia si me ŋu o la, aleke wɔ woatsɔ gã si nye wò ŋutɔ tɔwò la ade asi na wò?


Mele egblɔm na mi be mitsɔ anyigbadzinu madzɔmadzɔwo dze xɔlɔ̃woe na mia ɖokui, ne wo nu va yi vɔ la, woaxɔ mi ɖe aƒe mavɔ la me.


Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Mele be miawɔ nenema o, elabena ame si metsi tsitre ɖe mia ŋu o la le mia dzi.”


Mi ahasiwɔlawo! Ɖe mienya be ne miedze xɔlɔ̃ xexea me la, ekema mielé fu Mawu oa? Ame sia ame si dze xɔlɔ̃ xexea me la nye Mawu ƒe futɔ.


Ke ne Yehowa subɔsubɔ medze mia ŋu o la, ekema mitia ame si miasubɔ la egbea! Ɖe miasubɔ mia tɔgbuiwo ƒe mawu siwo wosubɔ le Frat tɔsisi la godo loo alo Amoritɔwo ƒe mawuwo le anyigba sia dzia? Ke nye kple nye aƒe ya, míasubɔ Yehowa!”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa