Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 15:4 - Agbenya La

4 “Nenye be alẽ alafa ɖeka le asiwò, eye ɖeka tra mɔ yi gbe me hebu ɖe, màgblẽ blaasiekɛ-vɔ-asiekɛ mamlɛa ɖe gbea dzi aɖadi ɖeka ma va se ɖe esime nèke ɖe eŋu oa?

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 Ameka le mia dome, ne alẽ alafa le esi, eye wo dometɔ ɖeka bu ɖee la, ɖe magblẽ blaasieke vɔ asieke la ɖe gbeadzi, eye wòaɖi esi bu la, vaseɖe esime wòakpɔe o mahã?

Onani mutuwo Koperani




Luka 15:4
19 Mawu Ofanana  

Metra mɔ abe alẽ bubu ene. Di wò dɔla la, elabena nyemeŋlɔ wò sededewo be o.


Mí katã míetra mɔ abe alẽwo ene. Mía dometɔ ɖe sia ɖe lé eƒe mɔ tsɔ; ke Yehowa tsɔ mí katã ƒe nu vɔ̃wo da ɖe eya amea dzi.


Le togbɛnyigba ƒe duwo me kple du siwo le ɣetoɖoƒe ƒe togbɛmɔwo to, kpe ɖe du siwo le gbegbe le Benyaminyigba dzi, heyi ɖe kɔƒe siwo ƒo xlã Yerusalem kple Yuda ƒe duwo la, alẽhawo agato wo xlẽla ƒe asi te.’ Yehowae gblɔe.


“Nye dukɔ le abe alẽ tatrawo ene, woƒe kplɔlawoe kplɔ wo trae eye wona wole tsatsam le towo dzi. Wole tsaglãla tsam le towo kple togbɛwo dzi eye woŋlɔ woawo ŋutɔ ƒe nɔƒe be.


Madi nye alẽ bubuawo, eye makplɔ mɔtralawo agbɔe. Mabla abi na esiwo nu vevi wɔ, mado ŋusẽ esiwo gbɔdzɔ, ke mawu esiwo da ami kple esiwo nye lãmesẽtɔwo la. Makpɔ nye alẽawo dzi kple dzɔdzɔenyenye.


Mi, nye alẽwo, alẽwo le nye lãnyiƒe mienye, eye nyee nye miaƒe Mawu. Aƒetɔ Yehowae gblɔe.’ ”


Miedo ŋusẽ alẽ siwo gbɔdzɔ o, mieda gbe le alẽ siwo dze dɔ la ŋu o, eye miebla abi na esiwo nu vevi wɔ o. Miekplɔ esiwo tra mɔ la gbɔe o, eye miedi esiwo bu o. Miekplɔ wo kple dzimagbɔɖi, eye miewɔ funyafunya wo.


‘Nye Aƒetɔ Yehowa, meta nye agbe be, esi alẽkplɔla meli na nye alẽawo o, zi ale si woha nye alẽawo, eye wozu nuɖuɖu na lã wɔadãwo, eye esi nye alẽkplɔlawo medi nye alẽawo o, ke boŋ wolé be na woawo ŋutɔ ɖokui, eye menye na nye alẽawo o ta la,


Ke Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nenye be wò alẽ ge ɖe vudo me le Dzudzɔgbe ŋkeke dzi ɖe, màɖee le eme oa? Àɖee le eme godoo!


Aƒetɔ la ɖo eŋu be, “Mi alakpanuwɔlawo! Ɖe mieɖea ka miaƒe tedziwo alo nyiwo le woƒe kpowo me le Dzudzɔgbe dzi, eye miekplɔa wo yina ɖanaa tsi wo wonona oa? Esia hã nye dɔwɔwɔ le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi.


Esia na be Yesu do lo sia na wo be,


Elabena Amegbetɔ Vi la va be yeadi ame siwo bu la eye yeaɖe wo.”


Esia ta taflatsedodo aɖeke mele wò, ame si drɔ̃a ʋɔnu ame bubu la si o. Nu si nètsɔna drɔ̃a ʋɔnu ame bubu la, eya ke nètsɔna drɔ̃a ʋɔnu ɖokuiwò, elabena wò ame si le ʋɔnu drɔ̃m ame bubu la, wò ŋutɔ èwɔa nu siawo ke.


Elabena mienɔ abe alẽ siwo tra mɔ la ene, ke azɔ la, mietrɔ gbɔ va Alẽkplɔla la kple miaƒe luʋɔwo dzi kpɔla la gbɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa