23 Miwu nyivi dami si le nyikpoa me hã. Ele be míaɖo kplɔ̃ gã aɖe akpɔ dzidzɔ.
23 eye milé nyivi dami la ve, miwui, eye mina míaɖu nu, eye míakpɔ dzidzɔ;
Emegbe la, eƒu du yi nyihawo me, lé nyivi dami aɖe, eye wògblɔ na eƒe subɔla aɖe be wòawui enumake.
Nye luʋɔ aɖi ƒo abe nuɖuɖu nyuitɔ kekeakee wòɖu ene; hadzidzi anɔ nu nam, eye nye nu adzi kafukafuhawo na wò.
Amagbenuɖuɖu si ŋu lɔlɔ̃ kpe ɖo la nyo wu nyivi dami ɖuɖu si ŋu fuléle kpe ɖo.
Etrɔ asi le eƒe lã si wòwu ŋu, tɔtɔ eƒe wain, eye wòɖo eƒe kplɔ̃ hã.
Le to sia dzi, Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, atsɔ nuɖuɖu damiwo aɖo kplɔ̃e na dukɔwo katã. Wain tsitsitɔ anɔ afi ma. Lã damitɔ akpe ɖe eŋu, eye wain nyuitɔ abɔ ɖe eŋu.
“Gake fofoa gblɔ na eƒe subɔviwo be, ‘Miyi ɖatsɔ awu nyuitɔ si le aƒea me la vɛ miado nɛ kaba! Ne miatsɔ asigɛ kple afɔkpa va do nɛ.
Elabena vinye sia ku, eye wògagbɔ agbe. Ebu, eye megakpɔe.’ Kplɔ̃ɖoɖoa kple dzidzɔkpɔkpɔ dze egɔme enumake.
Nyivi dami aɖe nɔ nyɔnu la si, eɖe abla wui, tsɔ amɔ maʋamaʋã wɔ abolo