Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 15:17 - Agbenya La

17 “Eyi eɖokui me, eye wògblɔ be, ‘A, subɔvi siwo le fofonye ƒe aƒe me gɔ̃ hã kpɔa nu ɖuna wòsua wo nyuie, eye ɖe gatsia anyi gɔ̃ hã. Ke nye ya mele afii le kukum le dɔwuame ta!

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

17 Ke, esi wòyi eɖokui me la, egblɔ bena: Fofonye ƒe agbatedɔwɔla nenie kpɔ abolo sɔ gbɔ, ke nye la mele tsɔtsrɔ̃m le dɔwuame ta.

Onani mutuwo Koperani




Luka 15:17
19 Mawu Ofanana  

Melé ŋku ɖe nye mɔwo ŋu, eye metrɔ nye afɔ ɖe wò nuɖoanyiwo ŋu.


O! Aƒetɔ, abe ale si drɔ̃e nɔna ne ame nyɔ tso alɔ̃ me ene la, do vlo wo abe drɔ̃e manyatalenu ene.


Esiae nye nu vɔ̃ɖi si le nu sia nu si dzɔna le ɣea te la ŋu: nu ɖeka ma koe dzɔna ɖe amewo katã dzi. Gawu la, amewo ƒe dziwo yɔ fũu kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖi kple tsukuku le woƒe dziwo me esime wole agbe eye emegbe la, woyia kukuawo dome.


Esi metra mɔ la, evem, metrɔ dzi me eye esi medze si ɖokuinye la, meƒo akɔta. Azɔ la ŋu kpem eye nye mo tsi dãa elabena nye ɖekakpuimeŋukpe gale ŋunye!’


“Yerusalem ɖo ŋku eƒe kesinɔnu siwo nɔ esi le blemaŋkekewo me la dzi, le eƒe xaxa kple tsaglalãtsatsa ƒe ŋkekewo me. Esi eƒe amewo dze futɔwo ƒe asi me la, ame aɖeke meli akpe ɖe eŋu o. Eƒe futɔwo nye kɔ kpɔe eye wokoe le eƒe aƒedozuzu ta.


Esi wòbu nu vɔ̃ siwo katã wòwɔ ŋu, eye wòɖe asi le eŋu ta la, anɔ agbe godoo; maku o.


eye ne eti eƒe lɔlɔ̃tɔwo yome la matu wo o. Adi wo kple ŋkubiã gake makpɔ wo o. Ekema agblɔ na eɖokui be, ‘Anyo ne metrɔ yi ɖe srɔ̃nye gbɔ, elabena esi menɔ egbɔ la, nuwo dze edzi nam wu fifia.’


Dɔ wu ɖekakpui sia ale gbegbe be nu siwo hawo ɖuna la dzroe be wòaɖu, elabena mekpɔa naneke ɖuna o.


Eƒe luʋɔ yi ɖe dzomavɔ me. Esi wònɔ fu kpem le afi ma la, ekpɔ Lazaro ɖaa le Abraham gbɔ.


Eteƒe medidi o la, ameha gã aɖe va do be yewoakpɔ nu kple yewo ŋutɔ ƒe ŋkuwo. Wokpɔ ame si me gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ kpɔ la, eƒe mo kɔ, eye wòdo awu henɔ anyi ɖe Yesu ƒe afɔ nu kpoo, esia wɔe be vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ameawo katã.


Azɔ ko hafi Petro nya nu si tututu dzɔ, eye wògblɔ na eɖokui be, “Nyateƒe, Mawu dɔ eƒe dɔla ɖa wòva ɖem le Herodes kple Yudatɔwo ƒe ta me vɔ̃ si woɖo ɖe ŋunye la me.”


Esi wose nya siawo la, ewɔ dɔ ɖe wo dzi ale gbegbe be wo dometɔ aɖewo bia Petro kple apostolo bubuawo be, “Nɔviwo, nu ka wɔ ge míala?”


elabena kekeli nana nu sia nu dzena gaglãa. Esia ta woŋlɔ ɖi be, “O, alɔ̃dɔla nyɔ, fɔ tso ame kukuwo dome, eye Kristo aklẽ ɖe dziwò.”


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa