Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 15:12 - Agbenya La

12 Gbe ɖeka la, suetɔ va gblɔ na fofoa be, ‘Medi be nàtsɔ domenyinu si le tɔnye zu ge la nam fifia, nyemate ŋu alala va se ɖe esime nàku hafi o.’ Fofoa lɔ̃ ɖe eƒe nya la dzi, eye wòma eƒe nuwo me hetsɔ etɔ nɛ.

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 eye wo dome ɖevitɔ gblɔ na fofoa bena: Fofo, tsa nuawo ƒe akpa, si nye tɔnye la nam. Eye wòmã nuawo me na wo.

Onani mutuwo Koperani




Luka 15:12
7 Mawu Ofanana  

O! Yehowa, tsɔ wò asi ɖem le ame siawo tɔgbi kple xexemetɔ siawo ƒe asi me, ame siwo ƒe fetu le agbe sia me. Ètsia ame siwo nèlɔ̃ vevie la ƒe dɔwuame nu; wo viŋutsuwo kpɔ nu nyui geɖe, eye wodzraa kesinɔnuwo ɖo ɖi na wo viwo.


elabena ame siawo na nu si wozã wosusɔ la, ke ahosi dahe sia ya na nu si ŋu wòle be wòanɔ agbe ɖo la.”


Yesu yi edzi gblɔ be, “Viŋutsu eve nɔ ŋutsu aɖe si.


“Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, ɖevi suetɔ ƒo eƒe nuwo katã nu ƒu eye wòdzo yi du didi aɖe me. Egblẽ eƒe ga katã le afi ma le agbe baɖabaɖa kple agbe kɔkɔ ɖuɖu me.


Gake esi viwò sia yi ɖagblẽ wò ga ɖe gbolowo ŋu trɔ gbɔ la, èwu nyivi damitɔ kekeake si le mía si la tsɔ ɖo kplɔ̃e nɛ!’


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa