Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 13:7 - Agbenya La

7 Mlɔeba la, egblɔ na abɔdzikpɔla be nelã atia ƒu anyi. Egblɔ kpe ɖe eŋu dzikutɔe be, ‘Melala ʋuu ƒe etɔ̃ sɔŋ, gake ati sia metse ku ɖeka pɛ hã kpɔ o! Lãe ƒu anyi. Nu ka ta magana wòanɔ te? Ele mɔ xem na anyigba la.’

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Eye wògblɔ na agbledela bena: Kpɔ ɖa, ƒe etɔ̃ sɔŋ mele vavam le kutsetse dim le gboti sia dzi, eye nyemekpɔ ɖeke o: lae ƒu anyi, nukaŋuti woxe mo na anyigba la mahã?

Onani mutuwo Koperani




Luka 13:7
11 Mawu Ofanana  

Gblẽm ɖi azɔ, eye nye dɔmedzoe nabi ɖe wo ŋu. Matsrɔ̃ wo katã, eye mawɔ wò, Mose nàzu dukɔ gã aɖe ɖe wo teƒe.”


Edo ɣli kple gbe sesẽ aɖe be, ‘Tso ati la ƒu anyi, lã eƒe ɖɔwo ɖa eye nàkaka eƒe kutsetsewo ahlẽ. Na gbemelãwo nasi le ete eye nàna dziƒoxeviwo nadzo adzo le eƒe alɔwo dzi.


“ ‘Ne mieva ɖo anyigba la dzi, eye miedo kutsetseti ƒomevi vovovowo la, migaɖu ƒe gbãtɔ etɔ̃awo ƒe tsetseawo o, elabena wole abe nu siwo ŋu wogbe nu le ene. Womaɖu wo o.


Mayra mi le ƒe adelia me ale gbegbe be anyigba la ana nuɖuɖu si asu mia nu ƒe etɔ̃.


Ati sia ati si metsea ku nyui o la, wolãnɛ dea dzo me,


“Abɔdzikpɔla la ɖo eŋu nɛ be, ‘Aƒetɔ, na wòaganɔ anyi ƒe ɖeka kpɔ. Matrɔ asi le eŋu nyuie agbugbɔ aɖu ado ɖe ete.


Woɖo ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe fiá atiwo ƒe kewo dzi. Ɛ̃, le nyateƒe me la, ati sia ati si metse ku nyui o la, woalãe ƒu anyi, eye woatsɔe ade dzo me.”


Elãa alɔdze siwo le ŋunye eye wometsea ku o la ɖa, ke esiwo tsea ku la, eɖea wo ŋu be woagatse ku geɖe fũu wu.


Ame si aɖe ɖe aga tso gbɔnye la, woatsɔe aƒu gbe abe alɔdze matseku ene, eye woatɔ dzoe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa