Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Luka 13:25 - Agbenya La

25 Nenye be Aƒetɔ la tsi tsitre hetu ʋɔa la, ekema mietsi megbe. Mianɔ tsitre ɖe ʋɔa godo anɔ eƒom be, ‘Aƒetɔ, ʋu ʋɔa na mi.’ “Ke aɖo eŋu na mi be, ‘Nyemenya mi kple afi si mietso o.’

Onani mutuwo Koperani

Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

25 Tso esia dzi, ne aƒetɔ la tsi tre, eye wòtu ʋɔa, eye ne míetsi tre ɖe egodo, de asi ʋɔtrua ƒoƒo me gblɔ bena: Aƒetɔ, Aƒetɔ, nui na mí la, axɔ dzi agblɔ na mi bena: Nyemenya mi, afisi mietso o,

Onani mutuwo Koperani




Luka 13:25
12 Mawu Ofanana  

Woge ɖe aɖakaʋu la me eveve, atsu kple asi abe ale si Mawu ɖo na wo ene. Tete Yehowa tu ʋɔtru la ɖe wo nu.


Mawumemewo katã nedo gbe ɖa na wò zi ale si nèli kpli wo, elabena enye nyateƒe be ne tɔsisi gãwo ɖɔ la, womade wo gbɔ o.


Midi Yehowa zi ale si miate ŋu ake ɖe eŋu. Miyɔe zi ale si wòtsɔ ɖe mia gbɔ.


“Azɔ matrɔ ɖe ame siwo le nye miame la ŋu agblɔ na wo be, ‘Mite ɖa le gbɔnye, mi ame siwo woƒo fi de la. Miyi dzomavɔ si wodzra ɖo ɖi na Abosam kple eƒe dɔlawo la me,


“Ke agaɖo eŋu na mi be, ‘Megblɔe na mi be nyemenya mi o. Miate ŋu ava eme o, elabena nu vɔ̃ wɔlawo mienye. Midzo le afi ma.’


Gbã la, miyi ne miaɖee fia be yewotrɔ dzi me to agbe nyui nɔnɔ me. Migabu be nya vɔ̃ aɖeke madzɔ ɖe mia dzi, elabena mienye Abraham ƒe dzidzimeviwo ta o. Esia ɖeɖe menye naneke o, elabena Mawu ate ŋu ana kpe siawo natrɔ zu viwo na Abraham.


“Nu ka tae mieyɔam be ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ’, evɔ miewɔa nye gbe dzi o?


Elabena Mawu gblɔ be, “Meɖo to wò le nye amenuveɣi la, eye mekpe ɖe ŋuwò le xɔxɔgbe la.” Mele egblɔm na wò be, fifiae nye amenuveɣi, kpɔ ɖa fifiae nye xɔxɔgbe!


Abe ale si mienya nyuie ene la, esi wòva be yeanyi yayra sia ƒe dome emegbe la, wogbe enana. Mɔ aɖeke meli si dzi wòato be woatrɔ nu sia o, togbɔ be edi yayra sia kple aɖatsi hã.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa